< Psalmowo 86 >

1 David ƒe gbedodoɖa. Ɖo tom, O Yehowa, eye nàtɔ nam, elabena meda ahe, eye hiã tum.
A prayer of David. Listen, Yahweh, and answer me, for I am poor and oppressed.
2 Kpɔ nye agbe ta, elabena metsɔ ɖokuinye na wò. Wòe nye nye Mawu, eya ta ɖe wò dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò.
Protect me, for I am loyal; my God, save your servant who trusts in you.
3 O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui, elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la.
Be merciful to me, Lord, for I cry out to you all day long.
4 O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ vɛ na wò dɔla, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.
Make your servant glad, for to you, Lord, I lift up my soul.
5 O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò.
You, Lord, are good, and ready to forgive, and you show great mercy to all those who cry out to you.
6 O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu.
Yahweh, listen to my prayer; hear the sound of my pleas.
7 Le nye xaxagbe, mayɔ wò elabena àtɔ nam.
In the day of my trouble I call on you, for you will answer me.
8 O! Aƒetɔ aɖeke megale mawuawo dome abe wò ene o; nuwɔna aɖeke mesɔ kple tɔwò o.
There is no one who compares to you among the gods, Lord. There are no deeds like your deeds.
9 O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ.
All the nations that you have made will come and bow before you, Lord. They will honor your name.
10 Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo; wò koe nye Mawu.
For you are great and do wonderful things; you only are God.
11 O! Yehowa, fia wò mɔm, eye mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ dzi si to mɔ ɖeka la nam, ale be mavɔ̃ wò ŋkɔ.
Teach me your ways, Yahweh. Then I will walk in your truth. Unite my heart to reverence you.
12 Makafu wò, O Aƒetɔ, nye Mawu, kple nye dzi blibo. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi tegbee,
Lord my God, I will praise you with my whole heart; I will glorify your name forever.
13 elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke. (Sheol h7585)
For great is your covenant faithfulness toward me; you have rescued my life from the depths of Sheol. (Sheol h7585)
14 O! Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ƒe ha ti nye agbe yome, eye wonye ŋutsu siwo mebu wò ɖe naneke me o.
God, the arrogant have risen up against me. A gang of violent men seek my life. They have no regard for you.
15 O! Aƒetɔ, ke wò la, Mawu si kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu lae nènye, mèdoa dɔmedzoe kabakaba o, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe.
But you, Lord, are a merciful and gracious God, slow to anger, and abundant in covenant faithfulness and trustworthiness.
16 Trɔ ɖe ŋutinye, eye nàkpɔ nublanui nam; na wò ŋusẽ wò dɔla, eye nàɖe viwò ŋutsu nuteƒewɔla.
Turn toward me and have mercy on me; give your strength to your servant; save the son of your servant woman.
17 Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam, be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo, elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.
Show me a sign of your favor. Then those who hate me will see it and be put to shame because you, Yahweh, have helped me and comforted me.

< Psalmowo 86 >