< Psalmowo 83 >

1 Asaf ƒe ha. O! Mawu, mègazi kpi o, O! Mawu, mègazi ɖoɖoe o, mèganɔ anyi kpoo o. 2 Kpɔ ale si wò futɔwo le nyanyram ɖa, kpɔ ale si wò ketɔwo kɔ ta dzii ɖa. 3 Wole nu baɖa ɖom ɖe wò dukɔ ŋu le ayeme, eye woɖo nugbe ɖe ame siwo nèlɔ̃na la ŋu. 4 Wogblɔ be, “Miva, míatsrɔ̃ wo, be womaganye dukɔ o, eye womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.” 5 Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò, 6 ame siwo le Edom ƒe agbadɔwo me, Ismaelitɔwo, Moabtɔwo, Hagritɔwo, 7 Gebalitɔwo, Amonviwo, Amalekitɔwo, Filistitɔwo kple ame siwo tso Tiro. 8 Asiria gɔ̃ hã kpe ɖe wo ŋu, be wòado alɔ Lot ƒe dzidzimeviwo. (Sela) 9 Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midian, Sisera kple Yabin le Kison tɔsisi la to ene, 10 ame siwo tsrɔ̃ le Endor, eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. 11 Wɔ woƒe bubumewo abe Oreb kple Zeb ene, eye woƒe dumegãwo abe Zeba kple Zalmuna ene, 12 ame siwo gblɔ be, “Mina míaxɔ Mawu ƒe lãnyiƒewo.” 13 O! Nye Mawu, wɔ wo abe betsyo kple blitsa si ya lɔ ɖe nu ene. 14 Abe ale si dzo biaa ave, alo dzo ƒe aɖe tɔa dzo towo ene la, 15 nenemae nàti wo yomee kple wò ya sesẽ, eye nàdo ŋɔdzi na wo kple wò ahom. 16 Tsɔ ŋukpe tsyɔ mo na wo, ale be amewo nadi wò ŋkɔ, O Yehowa. 17 Na ŋukpe nalé wo, woƒe mo natsi dãa, eye wonetsrɔ̃ le ŋukpe me. 18 Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.

< Psalmowo 83 >