< Psalmowo 8 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame. 2 Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la. 3 Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la, 4 Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ? 5 Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ. 6 Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te. 7 Alẽhawo, nyihawo, gbemelãwo, 8 dziƒoxeviwo, ƒumelãwo kple nu siwo katã ƒua tsi le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te. 9 O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!

< Psalmowo 8 >