< Psalmowo 73 >

1 Asaf ƒe ha. Vavã, Mawu wɔ nyui na Israel kple ame siwo dza le woƒe dzi me. 2 Ke nye la, nye afɔ ɖiɖi kloe, eye esusɔ vie ko medze anyi. 3 Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe. 4 Hiãkame aɖeke mele wo dzi o, eye wole lãmesẽ kple dedinɔnɔ me. 5 Wovo tso agba siwo tena ɖe amewo dzi la me, eye amegbetɔwo ƒe hiãtuame aɖeke mele wo dzi o. 6 Eya ta dada nye woƒe kɔga, eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene. 7 Dzidada dona tso woƒe dzi si ku atri la me, eye seɖoƒe meli na woƒe susu ƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖoɖo o. 8 Woɖua fewu, ƒoa nu vlodoametɔe, eye le woƒe dada me la, woklẽa ŋku ɖe amewo be woabɔbɔ na wo. 9 Woƒe nuwo xɔ dziƒo wɔ wo tɔe, eye woƒe aɖewo xɔ anyigba wòzu wo tɔ. 10 Eya ta woƒe amewo trɔ ɖe wo gbɔ, eye wono tsi fũu. 11 Wogblɔ be, “Aleke Mawu awɔ anya? Ɖe nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?” 12 Aleae ame vɔ̃ɖiwo le, wole ablɔɖe me ɣe sia ɣi, eye wodzia woƒe kesinɔnuwo ɖe edzi. 13 Nyateƒee, dzodzro ko wònye be mewɔ nye dzi dzadzɛ, eye dzodzroe meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me. 14 Mekpea fu ŋkeke blibo la, eye ŋdi sia ŋdi wohea to nam. 15 Ɖe megblɔ be, “Ale maƒo nui nye si” la, anye ne mede viwòwo asi. 16 Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme, 17 va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe Kɔkɔeƒe la, tete mese afi si woawu nu ɖo la gɔme. 18 Vavã, ètsɔ wo ɖo didiƒe, eye nètsɔ wo xlã ɖe anyi wogblẽ keŋkeŋ. 19 Aleke wohetsrɔ̃ kpata ale, ŋɔdzi kplɔ wo dzoe kaba ŋutɔ! 20 O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la, do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene. 21 Esi nye dzi bi ɖe dɔ me nam, eye nye gbɔgbɔ se veve la, 22 mezu bometsila kple numanyala, eye mele abe lã tagbɔkukutɔ ene le ŋkuwò me. 23 Ke mele gbɔwò ɣe sia ɣi, eye nèlé nye ɖusibɔ ɖe asi. 24 Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu, eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee. 25 Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko? Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o. 26 Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi, gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe. 27 Ame siwo le adzɔge tso gbɔwò la atsrɔ̃, elabena ètsrɔ̃ ame siwo katã meto nyateƒe na wo o. 28 Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu. Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee, maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia.

< Psalmowo 73 >