< Psalmowo 23 >

1 David ƒe ha. Yehowae nye kplɔnyela, eya ta naneke mahiãm o. 2 Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo, eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe, 3 hena nye luʋɔ gbɔ agbe. Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta. 4 Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti kple atikplɔ faa akɔ nam. 5 Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume. Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba. 6 Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbemeŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.

< Psalmowo 23 >