< Psalmowo 22 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe “Zinɔ le ŋdi kanyaa” ƒe gbeɖiɖi nu. Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?
For the leader; set to “Deer of the Dawn”. A psalm of David. My God, my God, why have you left me, my rescue so far from the words of my roaring?
2 O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke kple zã me; megale edzi ko, gake mètɔ nam o.
I cry in the day, you do not answer, I cry in the night but find no rest.
3 Ke wò la, èle kɔkɔe, eye Israel ƒe kafukafuhawo zu fiazikpui nènɔ anyi ɖe edzi gli.
You are the Holy One, throned on the praises of Israel.
4 Mewòe mía fofowo tsɔ woƒe xɔse dee, woka ɖe dziwò, eye nèɖe wo.
In you our ancestors trusted, they trusted and you delivered them.
5 Wodo ɣli na wò, eye nèɖe wo, dziwòe woka ɖo, eye ŋu mekpe wo o.
They cried to you, and found safety, in you did they trust and were not put to shame.
6 Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o, elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom.
But I am a worm, not a person; insulted by others, despised by the people.
7 Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye; woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:
All who see me mock me, with mouths wide open and wagging heads:
8 “Eka ɖe Yehowa dzi, Yehowa neɖee míakpɔ. Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.”
‘He relies on the Lord; let him save him. Let him rescue the one he holds dear!’
9 Ke wòe hem tso vidzidɔ me, eye le danye ƒe no nu ke, èna meka ɖe dziwò.
But you drew me from the womb, laid me safely on my mother’s breasts.
10 Wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me ke, eye tso ɖevime wotsɔm de asi na wò.
On your care was I cast from my very birth, you are my God from my mother’s womb.
11 Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tum, eye ame aɖeke meli axɔ nam o.
Be not far from me, for trouble is nigh, and there is none to help.
12 Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem; Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm.
I am circled by many bulls, beset by the mighty of Bashan,
13 Woke woƒe nuwo ɖe ŋunye baa abe dzata si le gbe tem hele nu si wòlé la vuvum ene.
who face me with gaping jaws, like ravening roaring lions.
14 Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo. Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye.
Poured out am I like water, and all my bones are loosened. My heart is become like wax, melted within me.
15 Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene, eye nye aɖe lé ɖe nye nu me, elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.
My palate is dry as a sherd, my tongue sticks to my jaws; in the dust of death you lay me.
16 Avuwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo.
For dogs are round about me, a band of knaves encircles me, gnawing my hands and my feet.
17 Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo, amewo fɔ ŋku ɖe dzinye, eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti.
I can count my bones, every one. As for them, they feast their eyes on me.
18 Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.
They divide my garments among them, and over my raiment cast lots.
19 Ke wò, O! Yehowa, mèganɔ adzɔge o; O! Nye ŋusẽ, va kaba nàɖem.
But you, O Lord, be not far, O my strength, hasten to help me.
20 Ɖe nye agbe tso yi ƒe asi me, eye ɖe nye agbe xɔasi la tso avuwo ƒe ŋusẽ me.
Deliver my life from the sword my life from the power of the dogs.
21 Ɖem le dzatawo ƒe nu me, eye nàɖem le towo ƒe dzowo nu.
Save me from the jaws of the lion, from the horns of the wild oxen help me.
22 Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, eye le amehawo dome, makafu wò.
I will tell of your fame to my kindred, and in the assembly will praise you.
23 Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafui! Mi, Yakob ƒe dzidzimeviwo, mide bubu eŋuti! Misroe ɖa, mi Israel ƒe dzidzimeviwo!
Praise the Lord, you who fear him. All Jacob’s seed, give him glory. All Israel’s seed, stand in awe of him.
24 Elabena menyɔ ŋu alo do vlo ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o; meɣla eƒe mo ɖee o, ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu.
For he has not despised nor abhorred the sorrow of the sorrowful. He hid not his face from me, but he listened to my cry for help.
25 Gbɔwòe nye kafukafuha si medzina le ameha gãwo dome la ƒe tanya tsona. Maxe nye adzɔgbeɖefewo le ame siwo vɔ̃a wò la ŋkume.
Of you is my praise in the great congregation; my vows I will pay before those who fear him.
26 Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!
The afflicted will eat to their heart’s desire, and those who seek after the Lord will praise him. Lift up your hearts forever.
27 Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi, atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã ava de ta agu ɖe eŋkume.
All will call it to mind, to the ends of the earth, and turn to the Lord; and all tribes of the nations will bow down before you.
28 Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ, eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi.
For the kingdom belongs to the Lord: he is the Lord of the nations.
29 Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la aɖu nu, eye woasubɔe; ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o, eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume.
To him will bow down all who sleep in the earth, and before him bend all who go down to the dust, and those who could not preserve their lives.
30 Dzidzimewo asubɔe, eye dzidzime siwo ava dzɔ la, woagblɔ nya na wo tso Aƒetɔ la ŋuti.
My descendants will tell of the Lord to the next generation;
31 Woaɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye na ame siwo meva dzɔ haɖe o, elabena eyae wɔe.
they will declare his righteousness to people yet to be born: He has done it.

< Psalmowo 22 >