< Psalmowo 138 >

1 David ƒe ha. O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo; madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume. 2 Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ, eye makafu wò ŋkɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta, elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya gbɔ nu sia nu ta sãsãsã. 3 Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam, hedo ŋusẽ nye dzi. 4 O! Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò, ne wose wò numenya. 5 Na woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo. 6 Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge. 7 Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam. 8 Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa, mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.

< Psalmowo 138 >