< Psalmowo 135 >

1 Mikafu Yehowa. Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui, mi Yehowa ƒe dɔlawo.
Praise Yahweh. Praise the name of Yahweh. Praise him, you servants of Yahweh,
2 Mi ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me, le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnuwo.
you who stand in Yahweh's house, in the courtyards of the house of our God.
3 Mikafu Yehowa, elabena Yehowa nyo; midzi ha na eƒe ŋkɔ, elabena esia vivina.
Praise Yahweh, for he is good; sing praises to his name, for it is pleasant to do so.
4 Elabena Yehowa tia Yakob be wòanye ye tɔ, eye wòtia Israel be wòanye yeƒe domenyinu xɔasi la.
For Yahweh has chosen Jacob for himself, Israel as his possession.
5 Menya be Yehowa lolo, eye míaƒe Aƒetɔ la lolo wu mawuwo katã.
I know that Yahweh is great, that our Lord is above all gods.
6 Yehowa wɔa nu sia nu si dze eŋu le dziƒo kple anyigba, le atsiaƒuwo me kple woƒe gogloƒewo katã.
Whatever Yahweh desires, he does in heaven, on earth, in the seas and all the ocean depths.
7 Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke, edɔa dzikedzo be wòava kple tsidzadza, eye wòɖea yaƒoƒo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒewo.
He brings the clouds from far away, making lightning bolts accompany the rain and bringing the wind out of his storehouse.
8 Eƒo Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi; amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo.
He killed the firstborn of Egypt, both of man and animals.
9 O! Egipte, edɔ eƒe dzesiwo kple nukunuwo ɖo ɖe mía dome, ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu.
He sent signs and wonders into your midst, Egypt, against Pharaoh and all his servants.
10 Eƒo dukɔ geɖewo ƒu anyi, eye wòwu fia sesẽwo.
He attacked many nations and killed mighty kings,
11 Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Ɔg, Basantɔwo ƒe fia kple Kanaan fiawo katã,
Sihon king of the Amorites and Og king of Bashan and all the kingdoms of Canaan.
12 eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu, na eƒe dukɔ Israel.
He gave us their land as an inheritance, an inheritance to Israel his people.
13 O! Yehowa, wò ŋkɔ li tegbetegbe, o Yehowa, èxɔ ŋkɔ le dzidzimewo katã me.
Your name, Yahweh, endures forever; your renown, Yahweh, endures throughout all generations.
14 Elabena Yehowa atso afia na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na eƒe dɔlawo.
For Yahweh defends his people and has compassion on his servants.
15 Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.
The nations' idols are silver and gold, the work of men's hands.
16 Nu li na wo, gake womeƒoa nu o, ŋku li na wo gake womekpɔa nu o,
Those idols have mouths, but they do not speak; they have eyes, but they do not see;
17 to li na wo, gake womesea nu loo, alo gbɔna to woƒe nu me o.
they have ears, but they do not hear, nor is there breath in their mouths.
18 Ame siwo wɔ wo la anɔ abe woawo ke ene, eye nenema kee nye ame siwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu.
Those who make them are like them, as is everyone who trusts in them.
19 O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa, O! Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa,
Descendants of Israel, bless Yahweh; descendants of Aaron, bless Yahweh.
20 O! Levi ƒe aƒe, mikafu Yehowa, eye mi ame siwo vɔ̃nɛ la, mikafu Yehowa.
Descendants of Levi, bless Yahweh; you who honor Yahweh, bless Yahweh.
21 Woakafu Yehowa tso Zion, eya ame si nɔ Yerusalem. Mikafu Yehowa!
Blessed be Yahweh in Zion, he who lives in Jerusalem. Praise Yahweh.

< Psalmowo 135 >