< Psalmowo 124 >

1 David ƒe mɔzɔha. Ne menye Yehowae le mía dzi o la, Israel negblɔ be, 2 “Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, 3 eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee, 4 anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi, 5 anye ne tɔ dzeagbowo kplɔ mí dzoe.” 6 Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o. 7 Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo. 8 Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.

< Psalmowo 124 >