< Psalmowo 101 >

1 David ƒe ha. O! Yehowa, madzi ha le wò lɔlɔ̃ kple afia nyui tsotso ŋuti, eye madzi kafukafuha na wò.
A Psalm of David. I will sing of mercy and judgment: to thee, O LORD, will I sing.
2 Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o.
I will behave myself wisely in a perfect way. O when wilt thou come to me? I will walk within my house with a perfect heart.
3 Nyematsɔ nu si me vɔ̃ le la aɖo nye ŋkume o. Metsri xɔsemanɔsitɔwo ƒe nuwɔnawo, womalé ɖe ŋunye o.
I will set no wicked thing before my eyes: I hate the work of them that turn aside; it shall not cleave to me.
4 Ame siwo ƒe dzi to vo la, ate ɖa xaa tso gbɔnye, kadodo aɖeke mele nye kple nu vɔ̃ɖi dome o.
A froward heart shall depart from me: I will not know a wicked [person].
5 Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme, eye ame si ŋku gã le esi eye wòdana le dzi me la, eya nyematɔ ɖe egbɔ o.
Whoever privily slandereth his neighbor, him will I cut off: him that hath a high look and a proud heart I will not suffer.
6 Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim. Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, anye nye nunɔla.
My eyes [shall be] upon the faithful of the land, that they may dwell with me: he that walketh in a perfect way, he shall serve me.
7 Ame si nye ameblela la, manɔ aƒenye me o, eye ame si daa alakpa la matsi tsitre ɖe ŋkunye me o.
He that worketh deceit shall not dwell within my house: he that telleth lies shall not tarry in my sight.
8 Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe. Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa le Yehowa ƒe du la me.
I will early destroy all the wicked of the land; that I may cut off all who practice wickedness from the city of the LORD.

< Psalmowo 101 >