< Mose 4 2 >

1 Yehowa gade se bubuwo na Mose kple Aron be,
L’Éternel parla à Moïse et à Aaron, et dit:
2 “Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.”
Les enfants d’Israël camperont chacun près de sa bannière, sous les enseignes de la maison de ses pères; ils camperont vis-à-vis et tout autour de la tente d’assignation.
3 Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome. Yuda ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu,
A l’orient, le camp de Juda, avec sa bannière, et avec ses corps d’armée. Là camperont le prince des fils de Juda, Nachschon, fils d’Amminadab,
4 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade.
et son corps d’armée composé de soixante-quatorze mille six cents hommes, d’après le dénombrement.
5 Isaka ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaka ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu,
A ses côtés camperont la tribu d’Issacar, le prince des fils d’Issacar, Nethaneel, fils de Tsuar,
6 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene.
et son corps d’armée composé de cinquante-quatre mille quatre cents hommes, d’après le dénombrement;
7 Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu,
puis la tribu de Zabulon, le prince des fils de Zabulon, Éliab, fils de Hélon,
8 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene.
et son corps d’armée composé de cinquante-sept mille quatre cents hommes, d’après le dénombrement.
9 Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene. Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu.
Total pour le camp de Juda, d’après le dénombrement: cent quatre-vingt six mille quatre cents hommes, selon leurs corps d’armée. Ils seront les premiers dans la marche.
10 Ruben ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le dziehe gome. Ruben ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elizur, Sedeur ƒe vi,
Au midi, le camp de Ruben, avec sa bannière, et avec ses corps d’armée. Là camperont le prince des fils de Ruben, Élitsur, fils de Schedéur,
11 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃.
et son corps d’armée composé de quarante-six mille cinq cents hommes, d’après le dénombrement.
12 Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu,
A ses côtés camperont la tribu de Siméon, le prince des fils de Siméon, Schelumiel, fils de Tsurischaddaï,
13 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃.
et son corps d’armée composé de cinquante-neuf mille trois cents hommes, d’après le dénombrement;
14 Eye Gad ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu,
puis la tribu de Gad, le prince des fils de Gad, Éliasaph, fils de Déuel,
15 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃.
et son corps d’armée composé de quarante-cinq mille six cent cinquante hommes, d’après le dénombrement.
16 Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃. Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi.
Total pour le camp de Ruben, d’après le dénombrement: cent cinquante et un mille quatre cent cinquante hommes, selon leurs corps d’armée. Ils seront les seconds dans la marche.
17 Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
Ensuite partira la tente d’assignation, avec le camp des Lévites placé au milieu des autres camps: Ils suivront dans la marche l’ordre dans lequel ils auront campé, chacun dans son rang, selon sa bannière.
18 Efraim ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣetoɖoƒe gome. Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu,
A l’occident, le camp d’Éphraïm, avec sa bannière, et avec ses corps d’armée. Là camperont le prince des fils d’Éphraïm, Élischama, fils d’Ammihud,
19 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene alafa atɔ̃.
et son corps d’armée composé de quarante mille cinq cents hommes, d’après le dénombrement.
20 Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu,
A ses côtés camperont la tribu de Manassé, le prince des fils de Manassé, Gamliel, fils de Pedahtsur,
21 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve.
et son corps d’armée composé de trente-deux mille deux cents hommes, d’après le dénombrement;
22 Eye Benyamin ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu,
puis la tribu de Benjamin, le prince des fils de Benjamin, Abidan, fils de Guideoni,
23 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, alafa ene.
et son corps d’armée composé de trente-cinq mille quatre cents hommes, d’après le dénombrement.
24 Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka. Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho.
Total pour le camp d’Éphraïm, d’après le dénombrement: cent huit mille et cent hommes, selon leurs corps d’armée. Ils seront les troisièmes dans la marche.
25 Dan ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le anyiehe lɔƒo. Dan ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu,
Au nord, le camp de Dan, avec sa bannière, et avec ses corps d’armée. Là camperont le prince des fils de Dan, Ahiézer, fils d’Ammischaddaï,
26 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade-vɔ-eve, alafa adre.
et son corps d’armée composé de soixante-deux mille sept cents hommes, d’après le dénombrement.
27 Aser ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Dan ƒe viwo xa. Aser ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu,
A ses côtés camperont la tribu d’Aser, le prince des fils d’Aser, Paguiel, fils d’Ocran,
28 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃.
et son corps d’armée composé de quarante et un mille cinq cents hommes, d’après le dénombrement;
29 Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu,
puis la tribu de Nephthali, le prince des fils de Nephthali, Ahira, fils d’Énan,
30 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene.
et son corps d’armée composé de cinquante-trois mille quatre cents hommes, d’après le dénombrement.
31 Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade. Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu.
Total pour le camp de Dan, d’après le dénombrement: cent cinquante-sept mille six cents hommes. Ils seront les derniers dans la marche, selon leur bannière.
32 Esiawoe nye ame siwo wotia, xlẽ le Israelviwo dome le woƒe aƒewo nu. Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa vovovoawo me la ƒe ƒuƒoƒo le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃.
Tels sont ceux des enfants d’Israël dont on fit le dénombrement, selon les maisons de leurs pères. Tous ceux dont on fit le dénombrement, et qui formèrent les camps, selon leurs corps d’armée, furent six cent trois mille cinq cent cinquante.
33 Ke wometia Levi ƒe viwo xlẽ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu o, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
Les Lévites, suivant l’ordre que l’Éternel avait donné à Moïse, ne firent point partie du dénombrement au milieu des enfants d’Israël.
34 Eye Israelviwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Ale si woƒu asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, ame sia ame kple eƒe ƒome le woƒe aƒewo nu.
Et les enfants d’Israël se conformèrent à tous les ordres que l’Éternel avait donnés à Moïse. C’est ainsi qu’ils campaient, selon leurs bannières; et c’est ainsi qu’ils se mettaient en marche, chacun selon sa famille, selon la maison de ses pères.

< Mose 4 2 >