< Luka 7 >

1 Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la, etrɔ yi Kapernaum dua me. 2 Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. 3 Aʋafia la se Yesu ŋkɔ, eya ta edɔ Yudatɔ ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. 4 Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. 5 Wogblɔ na Yesu be, “Ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe na mí.” 6 Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o. 7 Eye nyemedze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. 8 Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.” 9 Esi Yesu se nya siawo la, nyawo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha si dze eyome la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.” 10 Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒe me la, wokpɔ dɔla si nɔ dɔ lém la wòhaya, eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene. 11 Le esia megbe la, Yesu yi du aɖe si woyɔna be Nain la me. Eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe kplɔe ɖo heyi. 12 Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii. 13 Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!” 14 Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, “Ɖekakpui, tsi tsitre.” 15 Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa. 16 Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.” 17 Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me. 18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ, eye woyi ɖagblɔe na Yohanes. Ke Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃la eve, 19 eye wòdɔ wo ɖo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?” 20 Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mí ɖo ɖe gbɔwò be míabia wò be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’” 21 Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, Yesu da gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo. 22 Eya ta eɖo eŋu na ame dɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. 23 Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’” 24 Le ame dɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma? 25 Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le. 26 Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 27 Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’ 28 Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o; gake ame suetɔ kekeake si le mawufiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!” 29 (Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye nudzɔlawo la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu, eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo. 30 Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.) 31 Azɔ Yesu bia wo be, “Aleke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? 32 Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’ 33 Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ 34 Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo. 35 Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.” 36 Eva eme be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la, 37 nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi. 38 Etsi tsitre ɖe Yesu ŋgɔ le eƒe afɔ nu, eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo, eye wòʋu nu le amiʋeʋĩ la nu hesi na wo. 39 Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye; elabena nu vɔ̃ wɔla wònye.” 40 Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ, eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.” 41 Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe, eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu. 42 Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?” 43 Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ, èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.” 44 Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe. 45 Le mía dekɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gake nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia. 46 Mèsi ami ɖe ta nam o; ke eya tsɔ ami si ɖe nye afɔwo ŋuti. 47 Le esia ta la, see be lɔlɔ̃ gã si wòɖe fia la fia be wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee. Ke ame si wotsɔ nu vɔ̃ ʋɛ aɖe ko kee la ɖea lɔlɔ̃ ʋɛ aɖe ko fiana.” 48 Yesu gblɔ na nyɔnu la azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” 49 Ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame kae nye esia, si tsɔa nu vɔ̃wo hã kena mahã?” 50 Yesu gagblɔ na nyɔnu la be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”

< Luka 7 >