< Luka 24 >

1 Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ ami ʋeʋĩawo ɖe asi heva yɔdoa to,
Very early on the first day of the week, they came to the tomb, bringing the spices which they had prepared.
2 gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa.
They found the stone rolled away from the tomb.
3 Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o.
They entered in, but did not find the body of the Lord Jesus.
4 Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome.
It happened that, while they were confused about this, suddenly, two men stood by them in bright shining robes.
5 Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome?
As the women were filled with fear and bowed down their faces to the earth, they said to the women, “Why do you seek the living among the dead?
6 Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be:
He is not here, but has been raised! Remember how he spoke to you when he was still in Galilee,
7 ‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’”
saying that the Son of Man must be delivered up into the hands of sinful men and be crucified, and on the third day rise again.”
8 Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi.
The women remembered his words,
9 Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã.
and returned from the tomb, and told all these things to the eleven and all the rest.
10 Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo.
Now Mary Magdalene, Joanna, Mary the mother of James, and the other women with them reported these things to the apostles.
11 Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me.
But this message seemed like idle talk to the apostles, and they did not believe the women.
12 Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie.
Yet Peter rose up and ran to the tomb, and stooping and looking in, he saw the linen cloths by themselves. Peter then departed to his home, wondering what had happened.
13 Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene.
Behold, two of them were going that very day to a village named Emmaus, which was sixty stadia from Jerusalem.
14 Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti.
They discussed with each other about all the things that had happened.
15 Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo.
It happened that, while they discussed and questioned together, Jesus himself approached and went with them.
16 Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi.
But their eyes were prevented from recognizing him.
17 Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ.
Jesus said to them, “What are the two of you talking about as you walk?” They stood there looking sad.
18 Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le Kɔsiɖa si va yi me la o.”
One of them, named Cleopas, answered him, “Are you the only person in Jerusalem who does not know the things which have happened there these days?”
19 Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume.
Jesus said to them, “What things?” They answered him, “The things concerning Jesus the Nazarene, who was a prophet, mighty in deed and word before God and all the people,
20 Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu.
and how the chief priests and our rulers delivered him up to be condemned to death and crucified him.
21 Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi.
But we had confidence that he was the one who was going to redeem Israel. Yes, and what is more, it is now the third day since all these things happened.
22 Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia
But also, some women of our company amazed us, having been at the tomb early in the morning.
23 gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe.
When they did not find his body, they came, saying that they had also seen a vision of angels who said that he was alive.
24 Mía tɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”
Some men who were with us went to the tomb, and found it just as the women had said. But they did not see him.”
25 Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase!
Jesus said to them, “O foolish men and slow of heart to believe in all that the prophets have spoken!
26 Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?”
Was it not necessary for the Christ to suffer these things, and to enter into his glory?”
27 Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.
Then beginning from Moses and through all the prophets, Jesus interpreted to them the things concerning himself in all the scriptures.
28 Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta
As they approached the village to which they were going, Jesus acted as though he were going further.
29 woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me.
But they compelled him, saying, “Stay with us, for it is toward evening and the day is almost over.” So Jesus went in to stay with them.
30 Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo.
It happened that, when he had sat down with them to eat, he took the bread, blessed it, and breaking it, he gave it to them.
31 Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ.
Then their eyes were opened, and they knew him, and he vanished out of their sight.
32 Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?”
They said one to another, “Was not our heart burning within us, while he spoke to us on the way, while he opened to us the scriptures?”
33 Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple Yesu yomedzela bubuwo.
They rose up that very hour, and returned to Jerusalem. They found the eleven gathered together, and those who were with them,
34 Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!”
saying, “The Lord is risen indeed, and has appeared to Simon.”
35 Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.
So they told the things that happened on the way, and how Jesus was shown to them in the breaking of the bread.
36 Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.”
As they spoke these things, Jesus himself stood in the midst of them, and said to them, “Peace be to you.”
37 Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole.
But they were terrified and filled with fear, and supposed that they saw a spirit.
38 Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome?
Jesus said to them, “Why are you troubled? Why do questions arise in your heart?
39 Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.”
See my hands and my feet, that it is I myself. Touch me and see. For a spirit does not have flesh and bones, as you see me having.”
40 Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa.
When he had said this, he showed them his hands and his feet.
41 Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?”
They still could not believe it because of joy, and they were amazed. Jesus said to them, “Do you have anything to eat?”
42 Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ
They gave him a piece of a broiled fish,
43 eɖum la, wonɔ ekpɔm!
and he took it and ate it before them.
44 Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”
He said to them, “When I was with you, I told you that all that was written in the Law of Moses and the Prophets and the Psalms must be fulfilled.”
45 Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme.
Then he opened their minds, that they might understand the scriptures.
46 Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome.
He said to them, “Thus it is written, that the Christ should suffer, and rise again from the dead on the third day.
47 Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem.
Repentance and forgiveness of sins should be preached in his name to all the nations, beginning from Jerusalem.
48 Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã.
You are witnesses of these things.
49 Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.”
See, I am sending you what my Father promised. But remain in the city until you are clothed with power from on high.”
50 Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo.
Then Jesus led them out until they were near Bethany. He lifted up his hands and blessed them.
51 Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe.
It happened that, while he was blessing them, he left them and was carried up into heaven.
52 Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
So they worshiped him, and returned to Jerusalem with great joy.
53 Wonɔ Yerusalem gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum.
They were continually in the temple, blessing God.

< Luka 24 >