< Luka 23 >

1 Azɔ ha blibo la katã tso hekplɔ Yesu va Pilato gbɔ.
The whole council rose and took him to Pilate.
2 Esi woɖo afi ma teti ko la, wode asi enutsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Kristo si nye fia si gbɔna la.”
There they started to accuse him. “We found this man deceiving our nation, telling people not to pay taxes to Caesar, and claiming he is Messiah, a king,” they said.
3 Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Wòe le egblɔm.”
“Are you the King of the Jews?” Pilate asked him. “So you say,” replied Jesus.
4 Pilato trɔ ɖe nunɔlagãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.”
Then Pilate said to the chief priests and the crowds, “I don't find this man guilty of any crime.”
5 Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde hefia nu la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpe ɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!”
But they insisted, saying, “He is inciting rebellion all over Judea with his teachings, from Galilee to right here in Jerusalem.”
6 Esi Pilato se nya siawo la, ebia be ame la ɖe, “Galileatɔ wònyea?”
When he heard this, Pilate asked, “Is this man a Galilean?”
7 Ke esi wòse be Yesu tso Herod ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖe Herod, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me.
When he discovered that Jesus came under Herod's jurisdiction, he sent him to Herod who was also in Jerusalem at the time.
8 Herod kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe, eye wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã, ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ dzesi aɖe yeakpɔ.
Herod was very pleased to see Jesus since he had wanted to meet him for a long time. He had heard about Jesus and was hoping to see him perform a miracle.
9 Herod bia nya geɖewo Yesu, ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o.
He asked Jesus many questions, but Jesus did not answer him at all.
10 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ.
The chief priests and religious teachers stood there, angrily accusing him.
11 Herod kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Woɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene, eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.
Herod and his soldiers treated Jesus with contempt and mocked him. Then they placed a royal robe on him and sent him back to Pilate.
12 Tso gbe ma gbe la, Herod kple Pilato, ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo.
From that day on Herod and Pilate were friends—before that they had been enemies.
13 Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui,
Pilate called together the chief priests, rulers, and the people,
14 eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito, ke mekpɔe dze sii kɔtɛe be ame sia medze agɔ aɖeke o.
and told them, “You brought this man before me, accusing him of inciting the people to rebellion. I've carefully examined him in your presence, and do not find him guilty of the charges you have brought against him.
15 Herod hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o.
Neither did Herod, for he sent him back to us. He has done nothing that demands he should be put to death.
16 Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo, eye maɖe asi le eŋu.” [
So I will have him flogged and then release him.”
17 Azɔ ele na Pilato be wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi.]
18 Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!”
But they all shouted together, “Kill this man, and release Barabbas to us.”
19 (Barabas sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã.)
(Barabbas had been put in prison for taking part in a rebellion in the city, and for murder.)
20 Eya ta Pilato gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu.
Pilate wanted to release Jesus, so spoke to them again.
21 Gake ɖeko ameha la gado ɣli sesĩe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!”
But they kept on shouting, “Crucify him! Crucify him!”
22 Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka ta wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia, eye maɖe asi le eŋu, elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.”
Pilate asked them for the third time, “But why? What crime has he committed? I don't find any reason for executing him. So I will have him flogged and then release him.”
23 Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesĩe atraɖii be woaklã Yesu ɖe ati ŋu.
But they continued insisting with loud shouts, demanding that he be crucified. Their shouting succeeded,
24 Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi, eye wòtso kufia na Yesu.
and Pilate gave the sentence they demanded.
25 Ale wòtsɔ Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu.
He released the man imprisoned for rebellion and murder, but he sent Jesus to be put to death in accordance with their demands.
26 Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii.
As the soldiers led him away, they seized a man called Simon of Cyrene, who had come in from the countryside. They put the cross on him and made him carry it behind Jesus.
27 Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome.
A large crowd followed him, along with women who were mourning and lamenting him.
28 Yesu trɔ ɖe konyifala siawo ŋu gblɔ na wo be, “Yerusalem nyɔnuwo, migafa avi ɖe ŋunye o, ke boŋ mifa avi na mia ɖokuiwo kple mia viwo.
Jesus turned to them and said, “Daughters of Jerusalem, don't weep for me. Weep for yourselves and your children.
29 Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime woagblɔ be, ‘Woayra konɔwo kple dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena notsi kpɔ o la!’
For the time is coming when they'll say, ‘Happy are those who are childless, and those who never had babies, and those who never nursed them.’
30 Ekema “‘amegbetɔwo agblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi!” eye wogblɔ na togbɛwo be, “Mitsyɔ mía dzi!”’
They'll say to the mountains, ‘Fall down on us,’ and to the hills, ‘Cover us.’
31 Megblɔ esia, elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu ŋu?”
For if they do this to wood that is green, what will happen when it's dried out?”
32 Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii.
They also took two others who were criminals to be executed with him.
33 Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoliƒe” la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nuɖusime, eye ɖeka le eƒe miame.
When they reached the place called the Skull they crucified him together with the criminals, one on his right, and the other on his left.
34 Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae.
Jesus said, “Father, please forgive them, for they don't know what they're doing.” They divided up his clothes by throwing dice for them.
35 Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã.”
The people stood and watched and the leaders sneered at Jesus. “He saved others, let him save himself, if he is really God's Messiah, the Chosen One,” they said.
36 Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano,
The soldiers also mocked him, coming up to him and offering him wine vinegar, saying,
37 eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.”
“If you're the King of the Jews, then save yourself.”
38 Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia.
Above Jesus was a sign on which it was written, “This is the King of the Jews.”
39 Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo hã le atitsoga la ŋue.”
One of the criminals hanging there joined in the insults against Jesus. “Aren't you the Messiah?” he asked. “Then save yourself—and us too!”
40 Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fɔbubu ma ke tea?
But the other criminal disagreed and argued with him, “Don't you fear God even when you're suffering the same punishment?” he asked.
41 Míawo ya tohehe sia dze mí, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.”
“For us the sentence is right since we're being punished for what we did, but this man didn't do anything wrong.”
42 Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”
Then he said, “Jesus, please remember me when you come into your kingdom.”
43 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim.”
Jesus replied, “I promise you today you will be with me in paradise.”
44 Le ɣeyiɣi sia me la, eƒo ga wuieve lɔƒo, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
By this time it was around noon and darkness fell over the whole land until three in the afternoon.
45 Ɣe ƒe keklẽ bu, eye enumake xɔmetsovɔ titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve.
The sun's light was shut out, and the Temple veil was torn in two.
46 Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo.
Jesus called out in a loud voice, “Father, I place myself in your hands.” Having said this he breathed his last.
47 Esi Romasrafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe, ale wòkafu Mawu gblɔ be, “Le nyateƒe me, ame sia medze agɔ aɖeke o.”
When the centurion saw what had happened he praised God and said, “Surely this man was innocent.”
48 Esi ame siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ dzo nɔ woƒe akɔta ƒom.
When all the crowds that had come to watch saw what happened they went home beating their chests in grief.
49 Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu siwo dze eyome tso Galilea la tsi tsitre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm.
But all those who knew Jesus, including the women who'd followed him from Galilee, watched from a distance.
50 Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe,
There was a man called Joseph who was good and honest. He was a member of the council,
51 ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o la nɔ anyi, etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava.
but he hadn't agreed with its decisions and actions. He came from the Jewish town of Arimathea, and was waiting expectantly for the kingdom of God.
52 Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.
Joseph went to Pilate and asked for Jesus' body.
53 Wona mɔe, eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o.
Once he'd taken it down, he wrapped it in a linen cloth. He laid Jesus in an unused tomb cut into the rock.
54 Ewɔ esia le Fiɖagbe ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzraɖo wɔm na Dzudzɔgbe ŋkekea ɖuɖu.
It was preparation day and the Sabbath would soon begin.
55 Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo, eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo.
The women who had come with Jesus from Galilee had followed Joseph and had seen the tomb where Jesus' body had been laid.
56 Ale woyi aƒe me ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋĩwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua. Gake esi wowu ami ʋeʋĩwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Dzudzɔgbe ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi.
They returned home and prepared spices and ointments. But on the Sabbath they rested, observing the commandment.

< Luka 23 >