< Luka 11 >

1 Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.” 2 Yesu gblɔ na wo be, “Ale miado gbe ɖae nye esi: “‘Fofo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva. 3 Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe, 4 tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’” 5 Yesu yi edzi gagblɔ na wo be, “Mitsɔe be, xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi xɔ̃a gbɔ zãtitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam, 6 elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem, eye naneke meli matsɔ nɛ wòaɖu o.’ 7 “Mitsɔe be ame si le xɔ me la ɖo eŋu be, ‘Mègaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’ 8 “Mele egblɔm na mi be nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o, togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne èƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wò, elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii. 9 Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. 10 Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi. 11 “Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwò bia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? 12 Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o! 13 “Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?” 14 Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me, eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. 15 Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Belzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” 16 Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ vavã. 17 Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me, eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.” 18 Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Belzebul ye le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke Satana ƒe fiaɖuƒe anɔ tee, nenye be ema ɖe eya ŋutɔ ŋuti? 19 Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 20 Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. 21 Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye wòle eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie. 22 Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo. 23 “Ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.” 24 “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si me wòdo go le la me. 25 Ne wòkpɔ be wokplɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛe, eye nu sia nu le ɖoɖo nu. 26 Eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.” 27 Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawò, ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.” 28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.” 29 Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la, Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o. 30 Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔ Vi la anye dzesi na dzidzime siae. 31 Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre afia asi dzidzime sia, eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso anyigba ƒe seƒe ke va be yease Solomo ƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome. 32 Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.” 33 “Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me. 34 Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, màte ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me. 35 Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la naganye viviti o. 36 Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.” 37 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe egbɔ henɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu. 38 Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa. 39 Aƒetɔ la gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, mieɖoa ŋu ɖo tsɔa dzigbɔɖi klɔa kplu kple agbawo ŋuti, gake miaƒe agbe me yɔ fũu kple ɖiƒoƒo, ŋubiabiã kple tamesesẽ. 40 Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? 41 Eya ta miklɔ nuawo me to dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo me, eye mia ŋuti katã hã akɔ. 42 “Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o. 43 “Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina. 44 “Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.” 45 Sefialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome la yɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, èdo vlo miawo hã.” 46 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Babaa na mi sefialawo hã. Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la ɖoa amewo dzi, eye miawo ŋutɔ mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka kaa agbawo ŋu o. 47 “Babaa na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. 48 Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo. 49 Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’ 50 Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke ta. 51 Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi. 52 “Baba na mi senyalawo, elabena mietsɔ nunya la ƒe safui dzoe. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.” 53 Esi wòdo go tso afi ma la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tsitre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam 54 be woalée le eƒe nuƒoƒo me.

< Luka 11 >