< Ʋɔnudrɔ̃lawo 12 >

1 Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!” 2 Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o. 3 Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu futɔ la dzi. Ɖe wòhiã be miawɔ aʋa kpli mí le nu sia ta?” 4 Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.” 5 Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la, 6 wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me. 7 Yefta nye Israelviwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe ade. Esi Yefta, Gileadtɔ la ku la, woɖii ɖe Gilead duwo dometɔ ɖeka me. 8 Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Yefta ɖo lae nye Ibzan, ame si nɔ Betlehem hedrɔ̃ ʋɔnu na Israel. 9 Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ nɔ esi. Etsɔ via nyɔnuwo na amedzroŋutsuwo woɖe eye wòkplɔ ɖetugbiwo tso dzronyigbawo dzi vɛ na via ŋutsuwo woɖe. Ibzan nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe adre 10 eye esi Ibzan la, woɖii ɖe Betlehem. 11 Le Ibzan yome la, Elon Zebulontɔ zu ʋɔnudrɔ̃la na Israelviwo ƒe ewo. 12 Esi Elon ku la, woɖii ɖe Aiyalon le Zebulonyigba dzi. 13 Ʋunudrɔ̃la si kplɔ Elon ɖo lae nye Abdon, Hilel ƒe vi, tso Piratɔn. 14 Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ nɔ esi. Ame blaadre siawo doa tedzi blaadre. Abdon nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe enyi. 15 Esi Abdon, Hilel vi ku la, woɖii ɖe Piratɔn le Efraimnyigba dzi, le Amalekitɔwo ƒe anyigba dzi.

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 12 >