< Hiob 37 >

1 “Esia na nye dzi lã kpo eye wòti kpo le enɔƒe. 2 O ɖo to! Ɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe kple bublu si le dodom tso eƒe nu me. 3 Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã 4 Eƒe gbeɖeɖe kplɔa esia ɖo, ebluna kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe gbe. Ne eƒe gbe ɖi la, meléa naneke ɖi o. 5 Mawu ƒe gbe bluna le nukumɔwo dzi, ewɔa nu dzɔtsu siwo kɔ wu míaƒe gɔmesese. 6 Egblɔna na tsikpe be, ‘Dza ɖe anyigba dzi’ eye na tsi be, ‘Nye tsi gã aɖe nàdza.’ 7 Ale be amegbetɔ siwo katã wòwɔ la nanya eƒe dɔwɔwɔ, eye wòɖoa asi ame sia ame ƒe dɔ dzi. 8 Gbemelãwo sina bena eye wonɔa woƒe dowo me. 9 Ahom tsoa eƒe xɔa me vana eye ya sesẽwo hea vuvɔ vɛ. 10 Mawu ƒe gbɔgbɔ hea fafa gã aɖe vɛ eye tsi gbanawo dzi zua tsikpe. 11 Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me, ekakaa eƒe dzikedzo to wo me. 12 Le eƒe mɔfiafia nu wotrɔa trɔgodoe le anyigba la katã ŋkume, be woawɔ nu sia nu si ƒe se wòde na wo. 13 Ehea lilikpowo vɛ be woahe to na amewo alo be woade tsi anyigba, ne wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia ameawo. 14 “Hiob, ɖo to nàse nu sia, zi ɖoɖoe eye nàbu Mawu ƒe nukunuwo ŋu. 15 Ènya ale si Mawu léa lilikpowo ɖe asii, eye wònana dzi kea dzoa? 16 Ènya ale si lilikpowo wɔ hafi le yamea, ènya nukunu siwo nye ame si de blibo le gɔmesese me la tɔa? 17 Wò ame si le fifia tem le wò awuwo me, ne dzieheya xɔdzo nya ƒo to anyigba dzi ko, 18 àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me, nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea? 19 “Gblɔ nu si míagblɔ nɛ la na mí, míate ŋu ahe míaƒe nya ayi egbɔe o elabena míawo míele viviti me. 20 Wonegblɔ nɛ be medi be maƒo nua? Ɖe ame aɖe abia be wonemi ye agbagbea? 21 Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɣe o elabena ele keklẽm le dziƒo ŋutɔ, esi yaƒoƒo na eƒe mo kɔ nyuie. 22 Edo tso anyiehe kple sikatsyɔ̃ɖoɖo. Mawu ɖiɖi va le ŋɔdzi ƒe ŋutikɔkɔe me. 23 Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo, le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la, metea ame aɖeke ɖe anyi o. 24 Eya ta amewo dea bubu eŋu elabena ɖe medea bubu ame siwo katã ƒe dzi me nunya le la ŋu oa?”

< Hiob 37 >