< Hiob 20 >

1 Tete Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu nɛ be, 2 “Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na wò elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ. 3 Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye, eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu. 4 “Meka ɖe edzi be ènya ale si wònɔ tso blema, tso ɣeyiɣi si ke wowɔ amegbetɔ da ɖe anyigba dzi be 5 ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 6 Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo, eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la, 7 atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene eye ame siwo kpɔe la agblɔ be, ‘Afi ka wòle?’ 8 Edzona dzona abe drɔ̃e ene, womagakpɔe o eye wòabu abe ŋutega si wokpɔ le zã me ene. 9 Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o. 10 Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo dɔ me na ame dahewo, eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu. 11 Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si yɔ eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me. 12 “Togbɔ be nu vɔ̃ɖi vivi le eƒe nu me, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te, 13 togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o eye wòbe ɖe nu me nɛ hã la, 14 eƒe nuɖuɖu ave le eƒe dɔ me, eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me. 15 Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe. Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi. 16 Eno da ƒe aɖi eye ƒli ƒe aɖi awui. 17 Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o. 18 Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o, ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe si do tso eƒe asitsatsa hã me o 19 elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo eye wòxɔ aƒe siwo metu o. 20 “Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o. 21 Naneke masusɔ nɛ esi wòavuvu o eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o. 22 Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la, xaxa ava edzi eye hiãtuame ƒe ŋusẽ katã ava edzi. 23 Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi. 24 Togbɔ be esi le gayibɔlãnu nu hã la, akɔbliŋutrɔ ƒo ɖee. 25 Eɖee do goe tso eƒe lãme eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me. Ŋɔdzi alée, 26 eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam. Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ. 27 Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go eye anyigba atso ɖe eŋu. 28 Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la, tsi sisiwo akplɔe adzoe. 29 Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo, eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo.”

< Hiob 20 >