< Hiob 18 >

1 Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be, 2 Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu. 3 Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume? 4 Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me, ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea? 5 “Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi eye eƒe dzo megabina o. 6 Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina. 7 Megatea ŋu ɖea abla o eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi. 8 Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ me eye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me. 9 Mɔ léa afɔkpodzi nɛ eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe. 10 Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me. 11 Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo. 12 Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi. 13 Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo 14 Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia. 15 Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe. 16 Eƒe kewo yrɔna le ete ke eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame. 17 Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome. 18 Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me eye woɖenɛ ɖa le xexea me. 19 Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o. 20 Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo. 21 Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna, aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”

< Hiob 18 >