< Yeremia 11 >

1 Esiae nye gbe si tso Yehowa gbɔ va na Yeremia.
The word which came to Jeremiah from the Lord, saying,
2 “Ɖo to nubabla sia me nyawo ne nàgblɔ wo na Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem.
Give ear to the words of this agreement, and say to the men of Judah and to the people of Jerusalem,
3 Gblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Fiƒode le ame si mewɔ ɖe nubabla sia me nyawo dzi o la dzi.
The Lord, the God of Israel, has said, Let that man be cursed who does not give ear to the words of this agreement,
4 Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.
To the order which I gave your fathers on the day when I took them out of the land of Egypt, out of the oven of iron, saying, Give ear to my voice, and do all the orders I have given you: so you will be my people, and I will be your God:
5 Ekema mawɔ ɖe atam si meka na mia fofowo be matsɔ anyigba si le dzidzim kple notsi kple anyitsi na wo la dzi.’ Esiae nye anyigba si dzi miele egbea.” Meɖo eŋu be, “Amen, Yehowa.”
So that I may give effect to the oath which I made to your fathers, to give them a land flowing with milk and honey as at this day. And I said in answer, So be it, O Lord.
6 Yehowa gblɔ nam be, “Ɖe gbeƒã nya siawo katã le Yuda duwo kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi be ‘Miɖo to nubabla sia me nyawo ne mialé wo me ɖe asi.
And the Lord said to me, Give out these words in the towns of Judah and in the streets of Jerusalem, saying, Give ear to the words of this agreement and do them.
7 Tso gbe si gbe mekplɔ mia fofowo do goe tso Egipte va se ɖe egbe sia la, mexlɔ̃ nu wo zi geɖe be, “Miɖo tom.”
For I gave certain witness to your fathers on the day when I took them up out of the land of Egypt, and even to this day, getting up early and witnessing and saying, Give ear to my voice.
8 Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’”
But they gave no attention and did not give ear, but they went on, every man in the pride of his evil heart: so I sent on them all the curses in this agreement, which I gave them orders to keep, but they did not.
9 Tete Yehowa gblɔ nam be, “Nugbeɖoɖo aɖe le Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo dome.
And the Lord said to me, There is an evil design at work among the men of Judah and the people of Jerusalem.
10 Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo.
They are turned back to the sins of their fathers, who would not give ear to my words; they have gone after other gods and become their servants: the people of Israel and the people of Judah have not kept the agreement which I made with their fathers.
11 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o.
So the Lord has said, I will send evil on them, which they will not be able to get away from; and they will send up a cry for help to me, but I will not give ear to them.
12 Yuda ƒe duwo kple Yerusalem nɔlawo afa avi na woƒe mawu siwo wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na gake womate ŋu akpe ɖe wo ŋuti ne gbegblẽ siawo katã va ƒo ɖi o.
Then the towns of Judah and the people of Jerusalem will go crying for help to the gods to whom they have been burning perfumes: but they will give them no salvation in the time of their trouble.
13 O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’
For the number of your gods is as the number of your towns, O Judah; and for every street in Jerusalem you have put up altars to the Baal for burning perfumes to the Baal.
14 “Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o.
And as for you, make no prayers for this people, send up no cry or prayer for them: for I will not give ear to their cry in the time of their trouble.
15 “Nu ka wɔm nye lɔlɔ̃tɔ le le nye gbedoxɔ la me, le esime wowɔ nu tovowo kple ame geɖewo? Ɖe wò vɔsalã kɔkɔewo ate ŋu aɖe wò le tohehe mea? Elabena ne èle nu tovowo wɔm la, dzi nɔa dzɔwòm.”
About Judah. What have you to do in my house? is it your thought that oaths and holy flesh will get you out of your trouble? will you make yourself safe in this way?
16 Yehowa na ŋkɔ wò be amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le. Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la, ana dzo afiae eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ.
You had been named by the Lord, A branching olive-tree, fair with beautiful fruit: with the noise of a great rushing he has put it on fire and its branches are broken.
17 Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si li ke wò la ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò elabena Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe wɔ vɔ̃ eye wodo dziku nɛ le ale si wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal la ta.
For the Lord of armies, by whom you were planted, has given his decision for evil against you, because of the evil which the people of Israel and the people of Judah have done, In moving me to wrath by offering perfumes to the Baal.
18 Esime Yehowa ɖe woƒe nugbeɖoɖowo fiam la, menyae, elabena le ɣe ma yi la, efia nu siwo wɔm wonɔ lam.
And the Lord gave me knowledge of it and I saw it: then you made clear to me their doings.
19 Menɔ abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge la ene; nyemekpɔe dze sii be woɖo nugbe ɖe ŋutinye le gbɔgblɔm be, “Mina míagblẽ ati la kple eƒe kutsetse, mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ale be womagaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi gbeɖegbeɖe o.”
But I was like a gentle lamb taken to be put to death; I had no thought that they were designing evil against me, saying, Come and let us make trouble his food, cutting him off from the land of the living, so that there may be no more memory of his name.
20 Ke, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe, doa dzi kple tamesusu kpɔ la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia si le wo dzi va ge elabena asiwò me metsɔ nye nya dee.
But, O Lord of armies, judging in righteousness, testing the thoughts and the heart, let me see your punishment come on them: for I have put my cause before you.
21 “Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’
So this is what the Lord of armies has said about the men of Anathoth who have made designs against your life, saying, You are not to be a prophet in the name of the Lord, or death will overtake you by our hands:
22 Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.
So the Lord of armies has said, See, I will send punishment on them: the young men will be put to the sword; their sons and their daughters will come to death through need of food:
23 Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’”
Not one of them will keep his life, for I will send evil on the men of Anathoth in the year of their punishment.

< Yeremia 11 >