< Yesaya 63 >

1 Ame kae nye esi gbɔna tso Bozra le Edom, eye aŋɔ dzĩ ƒo eƒe awuwo? Ame kae nye esi ɖo atsyɔ̃, eye wòle zɔzɔm le eƒe ŋusẽ triakɔ me? “Nyee le nu ƒom le dzɔdzɔenyenye me. Ŋusẽ le asinye be maɖe ame.”
Who is this that comes from Edom, with dyed garments from Bozrah? this that is glorious in his apparel, travelling in the greatness of his strength? I that speak in righteousness, mighty to save.
2 Nu ka ta wò awuwo biã abe ame si le wain fiam la tɔwo ene?
Wherefore are you red in your apparel, and your garments like him that treads in the winepress?
3 “Nye ɖekae fia wain le wainfiaƒe, ame aɖeke metso dukɔwo dome va kpe ɖe ŋunye o. Mefanya wo le nye dziku me, eye menya avuzi le wo dzi le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Woƒe ʋue hlẽ ɖe nye awuwo me, eye woƒe ʋu ƒo nu siwo medo,
I have trodden the winepress alone; and of the people there was none with me: for I will tread them in mine anger, and trample them in my fury; and their blood shall be sprinkled upon my garments, and I will stain all my raiment.
4 elabena hlɔ̃biaŋkeke le nye dzi me, eye nye ɖeɖe ƒe ƒe la va ɖo.
For the day of vengeance is in mine heart, and the year of my redeemed has come.
5 Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli ana kpekpeɖeŋu o. Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meva na kpekpeɖeŋu o. Tete nye ŋutɔ nye abɔ xɔ nam, eye nye dɔmedzoe lém ɖe te.
And I looked, and there was none to help; and I wondered that there was none to uphold: therefore mine own arm brought salvation unto me; and my fury, it upheld me.
6 Mefanya dukɔwo le nye dziku me. Le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me, mena womu aha, eye metrɔ woƒe ʋu kɔ ɖe anyigba.”
And I will tread down the people in mine anger, and make them drunk in my fury, and I will bring down their strength to the earth.
7 Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la,
I will mention the loving kindnesses of the LORD, and the praises of the LORD, according to all that the LORD has bestowed on us, and the great goodness toward the house of Israel, which he has bestowed on them according to his mercies, and according to the multitude of his loving kindnesses.
8 egblɔ be, “Vavã nye amewoe wonye. Viŋutsu siwo mada alakpa nam o”, eya ta wòzu woƒe Ɖela.
For he said, Surely they are my people, children that will not lie: so he was their Saviour.
9 Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me, eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo. Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta. Efɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me,
In all their affliction he was afflicted, and the angel of his presence saved them: in his love and in his pity he redeemed them; and he bare them, and carried them all the days of old.
10 gake wodze aglã hedo dziku na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eya ta wòtrɔ ɖe wo ŋu hezu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ aʋa kpli wo.
But they rebelled, and vexed his holy Spirit: therefore he was turned to be their enemy, and he fought against them.
11 Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi, Mose kple eƒe amewo ƒe ŋkekewo hebia be afi ka ame si nye eƒe alẽhawo ƒe kplɔla, si kplɔ wo to atsiaƒu me la le? Afi ka ame si dɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe wo dome,
Then he remembered the days of old, Moses, and his people, saying, Where is he that brought them up out of the sea with the shepherd of his flock? where is he that put his holy Spirit within him?
12 ame si dɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe alɔ ƒe ŋusẽ be wòanɔ Mose ƒe nuɖusime la le? Afi ka ame si ma tsiwo le wo ŋgɔ be eƒe ŋkɔ nanyɔ tegbee,
That led them by the right hand of Moses with his glorious arm, dividing the water before them, to make himself an everlasting name?
13 eye wòkplɔ wo to gogloƒe la le? Abe sɔ si le gbadzaƒe ene la, womekli nu o.
That led them through the deep, as an horse in the wilderness, that they should not stumble?
14 Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme. Aleae nèkplɔ wò dukɔ lae be nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu.
As a beast goes down into the valley, the Spirit of the LORD caused him to rest: so did you lead your people, to make yourself a glorious name.
15 Bi kɔ tso dziƒo, eye nàkpɔ nu tso wò ŋutikɔkɔefiazikpui kɔkɔ la dzi. Afi ka wò ŋuʋaʋã kple ŋusẽ la le? Woɣla wò bɔbɔenyenye kple wò dɔmetɔtrɔ ɖe mí,
Look down from heaven, and behold from the habitation of your holiness and of your glory: where is your zeal and your strength, the sounding of your bowels and of your mercies toward me? are they restrained?
16 gake wòe nye mia Fofo, togbɔ be Abraham menya mí alo Israel nayi si dze ge mi o hã la, wò, o, Yehowae nye mia Fofo, mía Ɖela tso gbe aɖe gbe kee nye wò ŋkɔ.
Doubtless you are our father, though Abraham be ignorant of us, and Israel acknowledge us not: you, O LORD, are our father, our redeemer; your name is from everlasting.
17 O! Yehowa, nu ka ta nèna míetra tso wò mɔwo dzi hesẽ míaƒe dziwo me, be míede bubu ŋu wò o? Gatrɔ va le wò dɔla siwo nye to siwo nye wò domenyinuwo la ta.
O LORD, why have you made us to go astray from your ways, and hardened our heart from your fear? Return for your servants' sake, the tribes of your inheritance.
18 Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wò teƒe, kɔkɔe la nɔ wò amewo ƒe asi me. Ke azɔ la, míaƒe futɔwo nya avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi.
The people of your holiness have possessed it but a little while: our adversaries have trodden down your sanctuary.
19 Tɔwòwoe míenye tso blema ke, gake woawo la, mèɖu fia ɖe wo dzi kpɔ o, eye womeyɔ wò ŋkɔ hã ɖe wo ŋu kpɔ o.
We are yours: you never bare rule over them; they were not called by your name.

< Yesaya 63 >