< Yesaya 57 >

1 Ame dzɔdzɔe tsrɔ̃na, eye ame aɖeke mebua eŋu le eƒe dzi me o. Woɖea Mawumemewo ɖa, gake ame aɖeke mesea egɔme be ɖe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa be womagadze nu vɔ̃ɖi me o.
See how the just man has perished, and no one lays [it] to heart: and righteous men are taken away, and no one considers: for the righteous has been removed out of the way of injustice.
2 Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me la yina ɖe ŋutifafa me, le ku me ke hã, wodzudzɔna.
His burial shall be in peace: he has been removed out of the way.
3 “Ke mite va afii, mi nyɔnunukala ƒe viwo. Mi ahasitɔwo kple gbolowo ƒe dzidzimeviwo!
But draw ye near hither, ye lawless children, the seed of adulterers and the harlot.
4 Ame ka ŋue miele fewu ɖum le? Ame ka ŋu mieke nu bãa ɖo hedo aɖe ɖe gota biɖaa na? Ɖe menye aglãdzelawo kple alakpatɔwo ƒe dzidzimeviwoe mienye oa?
Wherein have ye been rioting? and against whom have ye opened your mouth, and against whom have ye loosed your tongue? are ye not children of perdition? a lawless seed?
5 Fieŋufieŋu le lãme na mi ɖe legbawo ŋu, le logotiwo kple ati dama ɖe sia ɖe te. Mietsɔa mia viwo sãa vɔe le balimewo kple agakpetowo te.
who call upon idols under the leafy trees, slaying your children in the valleys among the rocks?
6 Legba siwo le balime kple kpe zɔsrɔ̃ewo dome lae nye wò gomekpɔkpɔ. Woawoe nye tɔwò. Woawoe nèƒoa aha ɖi na, eye nètsɔa nuɖuvɔsa hã naa wo. Le nu siawo katã ta la, ɖe mazi kpia?
That is thy portion, this is thy lot: and to them hast thou poured forth drink-offerings, and to these hast thou offered meat-offerings. Shall I not therefore be angry for these things?
7 Èɖo aba ɖe togbɛ si kɔ bobobo la dzi. Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le.
On a lofty and high mountain, there is thy bed, and thither thou carriedst up thy meat-offerings:
8 Ètsɔ wò trɔ̃subɔnuwo da ɖe wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo megbe. Ègbe nu le gbɔnye. Èklo nu le wò aba dzi hede edzi, eye nèkekee ɖe edzi hebla enu kple ame siwo ƒe abawo nèlɔ̃, eye nèkpɔ woƒe amame.
and behind the posts of thy door thou didst place thy memorials. Didst thou think that if thou shouldest depart from me, thou wouldest gain? thou hast loved those that lay with thee;
9 Èyi ɖe Molek gbɔ kple ami, eye nètsɔ ami ʋeʋĩwo kpe ɖe eŋu fũu. Èɖo wò ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke, eye wò ŋutɔ nèyi tsiẽƒe! (Sheol h7585)
and thou hast multiplied thy whoredom with them, and thou hast increased the number of them that are far from thee, and hast sent ambassadors beyond thy borders, and hast been debased even to hell. (Sheol h7585)
10 Wò mɔwo na ɖeɖi te ŋuwò, gake mèdi be yeagblɔ be, ‘Wo katã nye tofloko’ o. Èkpɔ be wò ŋusẽ gaɖo yeye me, eya tae nu mete ŋuwò o.
Thou has wearied thyself with thy many ways; yet thou saidst not, I will cease to strengthen myself: for thou has done these things; therefore thou has not supplicated me.
11 “Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema, eye ame kae mievɔ̃ na nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o, eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti le miaƒe dzi me o? Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi tae mievɔ̃na nam oa?
Through dread of whom hast thou feared, and lied against me, and has not remembered, nor considered me, nor regarded me, yea, though when I see thee I pass thee by, yet thou has not feared me.
12 Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia, ke womaɖe vi aɖeke na mi o.
And I will declare thy righteousness, and thy sins, which shall not profit thee.
13 Ne miedo ɣli be woakpe ɖe mia ŋu la, ekema mina miaƒe legba gbogboawo naxɔ na mi! Ya akplɔ wo katã adzoe, ne woɖo ƒuƒu teti ɖe wo la, wo katã woaƒo ya adzo; ke ame si tsɔm wɔ eƒe sitsoƒee la, anyi anyigba la ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.”
When thou criest out, let them deliver thee in thine affliction: for all these the wind shall take, and the tempest shall carry [them] away: but they that cleave to me shall possess the land, and shall inherit my holy mountain.
14 Woagblɔ be, “Mido mɔ, mido mɔ. Midzra mɔtata la dzi ɖo! Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”,
And they shall say, Clear the ways before him, and take up the stumbling-blocks out of the way of my people.
15 elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.
Thus saith the Most High, who dwells on high for ever, Holy in the holies, is his name, the Most High resting in the holies, and giving patience to the faint-hearted, and giving life to the broken-hearted:
16 Nyemanɔ fɔ bum ɖaa alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o, ne menye nenema o la, nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me, eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu.
I will not take vengeance on you for ever, neither will I be always angry with you: for my Spirit shall go forth from me, and I have created all breath.
17 Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta. Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me, ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi.
On account of sin for a little while I grieved him, and smote him, and turned away my face from him; and he was grieved, and he went on sorrowful in his ways.
18 Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu. Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ.
I have seen his ways, and healed him, and comforted him, and given him true comfort;
19 Matsɔ kafukafuha ade nu na Israel ƒe konyifalawo, eye ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa. Nye la, mayɔ dɔ wo katã.” Yehowae gblɔe.
peace upon peace to them that are far off, and to them that are nigh: and the Lord has said, I will heal them.
20 “Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo si mate ŋu anɔ anyi kpoo o la ene; esi ƒe ƒutsotsoewo le gbeɖuɖɔ kple ba ɖem ɖe go.”
But the unrighteous shall be tossed as troubled waves, and shall not be able to rest.
21 Nye Mawu be, “Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖi la o.”
There is no joy to the ungodly, said God.

< Yesaya 57 >