< Yesaya 50 >

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.
Thus says the LORD, "Where is the bill of your mother's divorce, with which I have put her away? or which of my creditors is it to whom I have sold you? Look, for your iniquities were you sold, and for your transgressions was your mother put away.
2 Nu ka ta esi meva la, ame aɖeke meli o? Nu ka ta esi meyɔ mi la, ame aɖeke metɔ o? Ɖe nye abɔ to ɖe me be mate ŋu aɖe mi oa? Ɖe ŋusẽ mele ŋunye be maxɔ na mi oa? Gbe ko meɖe, tete atsiaƒu mie. Mena tɔsisiwo zu gbegbe, eye lã siwo le wo me la ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu, eye tsikɔ wu wo woku.
Why, when I came, was there no man? When I called, was there none to answer? Is my hand shortened at all, that it can't redeem? or have I no power to deliver? Look, at my rebuke I dry up the sea, I make the rivers a wilderness: their fish stink, because there is no water, and die for thirst.
3 Metsɔ viviti tsyɔ lilikpo ŋgɔ, eye mena akpanya zu edzitsyɔnu.”
I clothe the heavens with blackness, and I make sackcloth their covering."
4 Aƒetɔ Yehowa tsɔ nufiala ƒe aɖe nam be manya nya si matsɔ ado ŋusẽ ame si gbɔdzɔ lae. Enyɔam ŋdi sia ŋdi. Eʋua nye to be mase nu abe ame si wole nu fiam la ene.
The LORD has given me the tongue of those who are taught, that I may know how to sustain with a word him who is weary: he wakens morning by morning, he wakens my ear to hear as those who are taught.
5 Aƒetɔ Yehowa, ʋu nye towo, eye nyemadze aglã o, nyemegbugbɔ yi megbe hã o.
The LORD has opened my ear, and I was not rebellious, neither turned away backward.
6 Metrɔ nye dzime na ame siwo ƒom, metrɔ nye tome na ame siwo nyɔa ge nam la. Nyemeɣla nye mo ɖe fewuɖulawo kple ame siwo nyɔa ta ɖe mo nam o.
I gave my back to those who strike, and my cheeks to those who tore out my beard; I did not cover my face from insults and spitting.
7 Esi Aƒetɔ Yehowa, kpena ɖe ŋunye ta la, ŋu makpem o, eya ta mewɔ nye mo wòse abe hlihakpe ene, eye menya be ŋu makpem o.
But the LORD will help me; therefore I have not been confounded: therefore have I set my face like a flint, and I know that I shall not be disappointed.
8 Ame si ɖeam le nya me la tsɔ ɖe gbɔnye, eya ta ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye? Nena míado go ŋkume kple ŋkume! Ame kae nye nunyetsola? Nekpe avu kplim!
He is near who justifies me; who will bring charges against me? Let us stand up together: who is my adversary? Let him come near to me.
9 Aƒetɔ Yehowae kpe ɖe ŋunye. Ame ka ate ŋu abu fɔm? Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene eye agbagblaʋui aɖu wo.
Look, the LORD will help me; who is he who shall condemn me? Look, all they shall wax old as a garment, the moth shall eat them up.
10 Ame kae le mia dome si vɔ̃a Yehowa, eye wòwɔa eƒe dɔla ƒe nya dzi? Na ame si le viviti me zɔm, akaɖi mele esi o la naka ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye wòaɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋuti.
Who is among you who fears the LORD, who listens to the voice of his servant? He who walks in darkness, and has no light, let him trust in the name of the LORD, and rely on his God.
11 Ke azɔ mi ame siwo katã do dzo, eye miewɔ akakatiwo na mia ɖokuiwo la, miyi, eye miazɔ le miaƒe dzo siwo miedo kple akakati siwo miesi la ƒe keklẽ nu. Esiae nye nu si miaxɔ tso asinyeme: Miamlɔ anyi ɖe fuwɔame me.
Look, all you who kindle a fire, who adorn yourselves with flaming arrows around yourselves; walk in the light of your fire, and among the flaming arrows that you have kindled. You shall have this of my hand; you shall lie down in sorrow.

< Yesaya 50 >