< Yesaya 41 >

1 “Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me! Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu! Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu. Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe.
Keep silence before me, O islands; and let the people renew their strength: let them come near; then let them speak: let us come near together to judgment.
2 “Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe, heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ? Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume. Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ, eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene.
Who raised up the righteous man from the east, called him to his foot, gave the nations before him, and made him rule over kings? he gave them as the dust to his sword, and as driven stubble to his bow.
3 Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o, gake naneke mewɔe o.
He pursued them, and passed safely; even by the way that he had not gone with his feet.
4 Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go, eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke? Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo, eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.”
Who has worked and done it, calling the generations from the beginning? I the LORD, the first, and with the last; I am he.
5 Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃. Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe, woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe;
The isles saw it, and feared; the ends of the earth were afraid, drew near, and came.
6 ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.”
They helped every one his neighbor; and every one said to his brother, Be of good courage.
7 Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula, ganutrela de dzi ƒo na zudala. Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.” Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o.
So the carpenter encouraged the goldsmith, and he that smoothes with the hammer him that smote the anvil, saying, It is ready for the soldering: and he fastened it with nails, that it should not be moved.
8 “Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia. Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo.
But you, Israel, are my servant, Jacob whom I have chosen, the seed of Abraham my friend.
9 Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo, meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke. Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’ Metia wò, eye nyemegbe wò o,
You whom I have taken from the ends of the earth, and called you from the chief men thereof, and said to you, You are my servant; I have chosen you, and not cast you away.
10 eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
Fear you not; for I am with you: be not dismayed; for I am your God: I will strengthen you; yes, I will help you; yes, I will uphold you with the right hand of my righteousness.
11 “Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃, eye wo nu ava ayi.
Behold, all they that were incensed against you shall be ashamed and confounded: they shall be as nothing; and they that strive with you shall perish.
12 Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o. Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko,
You shall seek them, and shall not find them, even them that contended with you: they that war against you shall be as nothing, and as a thing of nothing.
13 elabena nyee. Nye Yehowa, wò Mawu, ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’
For I the LORD your God will hold your right hand, saying to you, Fear not; I will help you.
14 Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.
Fear not, you worm Jacob, and you men of Israel; I will help you, says the LORD, and your redeemer, the Holy One of Israel.
15 “Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu. Àfanya towo, agbã wo gudugudu, eye àwɔ togbɛwo woazu fufu.
Behold, I will make you a new sharp threshing instrument having teeth: you shall thresh the mountains, and beat them small, and shall make the hills as chaff.
16 Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe, eye ahomuya alɔ wo ɖe nu, ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu, eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
You shall fan them, and the wind shall carry them away, and the whirlwind shall scatter them: and you shall rejoice in the LORD, and shall glory in the Holy One of Israel.
17 “Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.
When the poor and needy seek water, and there is none, and their tongue fails for thirst, I the LORD will hear them, I the God of Israel will not forsake them.
18 Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame, eye tometsiwo nasi to balimewo. Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo, eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo.
I will open rivers in high places, and fountains in the middle of the valleys: I will make the wilderness a pool of water, and the dry land springs of water.
19 Mana sedati, logoti, gboti kple amiti namie ɖe gbegbe, eye mana xeti, fɔfɔli, kple sesewu namie ɖe dzogbe.
I will plant in the wilderness the cedar, the shittah tree, and the myrtle, and the oil tree; I will set in the desert the fir tree, and the pine, and the box tree together:
20 Ale be amewo nakpɔe, anyae, abu eŋu, eye woase egɔme be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.”
That they may see, and know, and consider, and understand together, that the hand of the LORD has done this, and the Holy One of Israel has created it.
21 Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to. Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe.
Produce your cause, says the LORD; bring forth your strong reasons, says the King of Jacob.
22 “Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ ne woava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí. Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí be míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí.
Let them bring them forth, and show us what shall happen: let them show the former things, what they be, that we may consider them, and know the latter end of them; or declare us things for to come.
23 Nya kae le etsɔ si na mí ne mianya be mawuwoe mienye. Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃, ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí.
Show the things that are to come hereafter, that we may know that you are gods: yes, do good, or do evil, that we may be dismayed, and behold it together.
24 Ke miele naneke hã me o, eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o. Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu.
Behold, you are of nothing, and your work of nothing: an abomination is he that chooses you.
25 “Menyɔ ame aɖe tso anyiehe eye wòle mɔ dzi gbɔna. Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe, eye wòyɔa nye ŋkɔ. Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene, efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene.
I have raised up one from the north, and he shall come: from the rising of the sun shall he call on my name: and he shall come on princes as on mortar, and as the potter treads clay.
26 Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea, ne mienyae do ŋgɔ, ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’ Ame aɖeke megblɔ esia o. Ame aɖeke megblɔe da ɖi o; ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o.
Who has declared from the beginning, that we may know? and beforetime, that we may say, He is righteous? yes, there is none that shows, yes, there is none that declares, yes, there is none that hears your words.
27 Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be, ‘Kpɔ ɖa, wole afii!’ Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem.
The first shall say to Zion, Behold, behold them: and I will give to Jerusalem one that brings good tidings.
28 Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o, ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o. Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya si mebia wo la ŋu nam o.
For I beheld, and there was no man; even among them, and there was no counselor, that, when I asked of them, could answer a word.
29 Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko! Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o. Woƒe legbawo hã nye ya kple tofloko ko.
Behold, they are all vanity; their works are nothing: their molten images are wind and confusion.

< Yesaya 41 >