< Habakuk 2 >

1 Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta; mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui.
I will stand upon my watch, and set me upon the tower, and will look forth to see what he will speak with me, and what I shall answer concerning my complaint.
2 Yehowa ɖo eŋu nam be: “Ŋlɔ ɖeɖefia la da ɖi. Ŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi eme nakɔ ale be woate ŋu axlẽe bɔbɔe.
And Jehovah answered me, and said, Write the vision, and make it plain upon tablets, that he may run that readeth it.
3 Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o.
For the vision is yet for the appointed time, and it hasteth toward the end, and shall not lie: though it tarry, wait for it; because it will surely come, it will not delay.
4 “Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me.
Behold, his soul is puffed up, it is not upright in him; but the righteous shall live by his faith.
5 Gawu la, wain ɖe hae, edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea kɔ anyi o. Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia kɔ na o ene eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene. Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui eye wòdo kluvi amewo katã. (Sheol h7585)
Yea, moreover, wine is treacherous, a haughty man, that keepeth not at home; who enlargeth his desire as Sheol, and he is as death, and cannot be satisfied, but gathereth unto him all nations, and heapeth unto him all peoples. (Sheol h7585)
6 “Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: “‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’
Shall not all these take up a parable against him, and a taunting proverb against him, and say, Woe to him that increaseth that which is not his! how long? and that ladeth himself with pledges!
7 Ɖe wò fetɔwo matso ɖe ŋuwò kpata, ɖe womanyɔ ado ŋɔdzi na wò oa? Ekema àva zu woƒe nuhaha.
Shall they not rise up suddenly that shall bite thee, and awake that shall vex thee, and thou shalt be for booty unto them?
8 Esi mieha dukɔ geɖewo ta la ame siwo susɔ la aha miawo hã elabena miekɔ ʋu ɖi eye mietstrɔ̃ anyigbawo, duwo kple ame siwo le wo me.
Because thou hast plundered many nations, all the remnant of the peoples shall plunder thee, because of men’s blood, and for the violence done to the land, to the city and to all that dwell therein.
9 “Baba na ame si tu sã to amebaba me, ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu.
Woe to him that getteth an evil gain for his house, that he may set his nest on high, that he may be delivered from the hand of evil!
10 Ame geɖewo ƒe tsɔtsrɔ̃ tso mia gbɔ eya ta miedo ŋukpe miawo ŋutɔ ƒe aƒe, miebu miawo ŋutɔ ƒe agbe.
Thou hast devised shame to thy house, by cutting off many peoples, and hast sinned against thy soul.
11 Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe gɔ̃ hã ado ɣli ɖe mia ta eye ati siwo wotsɔ wɔ dzisasãwo la hã aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ.
For the stone shall cry out of the wall, and the beam out of the timber shall answer it.
12 “Baba na mi, mi ame siwo wu amewo eye miexɔ ga le amewo si tsɔ tso hlɔ̃dodui.
Woe to him that buildeth a town with blood, and establisheth a city by iniquity!
13 Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa?
Behold, is it not of Jehovah of hosts that the peoples labor for the fire, and the nations weary themselves for vanity?
14 Ke anyigba dzi ayɔ fũu kple sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.
For the earth shall be filled with the knowledge of the glory of Jehovah, as the waters cover the sea.
15 “Baba na ame si na aha ehavi wòno eye wòku wain na ehavi wòno va se ɖe esime wòmu be yeakpɔ eƒe amame.
Woe unto him that giveth his neighbor drink, [to thee] that addest thy venom, and makest him drunken also, that thou mayest look on their nakedness!
16 Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi.
Thou art filled with shame, and not glory: drink thou also, and be as one uncircumcised; the cup of Jehovah’s right hand shall come round unto thee, and foul shame shall be upon thy glory.
17 Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe wò hã dziwò. Lã siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na wò elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba kple duwo kple wo me nɔlawo katã.
For the violence done to Lebanon shall cover thee, and the destruction of the beasts, which made them afraid; because of men’s blood, and for the violence done to the land, to the city and to all that dwell therein.
18 “Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o.
What profiteth the graven image, that the maker thereof hath graven it; the molten image, even the teacher of lies, that he that fashioneth its form trusteth therein, to make dumb idols?
19 Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ gake agbegbɔgbɔ mele eme o.”
Woe unto him that saith to the wood, Awake; to the dumb stone, Arise! Shall this teach? Behold, it is overlaid with gold and silver, and there is no breath at all in the midst of it.
20 Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume.
But Jehovah is in his holy temple: let all the earth keep silence before him.

< Habakuk 2 >