< Mose 1 50 >

1 Yosef tsɔ eɖokui ƒu fofoa ƒe kukua dzi, fa avi ɖe edzi, eye wògbugbɔ nu nɛ.
Joseph fell on his father’s face, wept on him, and kissed him.
2 Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ.
Joseph commanded his servants, the physicians, to embalm his father; and the physicians embalmed Israel.
3 Atikesisi la xɔ ŋkeke blaene, eye Egipte dukɔ blibo la ƒe konyifafa xɔ ŋkeke blaadre.
Forty days were used for him, for that is how many days it takes to embalm. The Egyptians wept for Israel for seventy days.
4 Esi konyifaɣi la va yi la, Yosef te ɖe Farao ŋumewo ŋu, eye wòɖe kuku na wo be woaƒo nu na Farao na ye.
When the days of weeping for him were past, Joseph spoke to Pharaoh’s staff, saying, “If now I have found favour in your eyes, please speak in the ears of Pharaoh, saying,
5 Egblɔ na wo be, “Migblɔ na fia la be Yosef fofo na Yosef ka atam be yeatsɔ ye fofo ƒe kukua ayi Kanaanyigba dzi, eye yeaɖii ɖe afi ma. Mibia mɔfiala nam be wòaɖe mɔ mayi aɖaɖi fofonye. Mika ɖe edzi nɛ nam be matrɔ agbɔ enumake.”
‘My father made me swear, saying, “Behold, I am dying. Bury me in my grave which I have dug for myself in the land of Canaan.” Now therefore, please let me go up and bury my father, and I will come again.’”
6 Farao lɔ̃ hegblɔ be, “Yi nàɖi fofowò abe ale si nèka atam ene.”
Pharaoh said, “Go up, and bury your father, just like he made you swear.”
7 Ale Yosef yi kple Farao ƒe aɖaŋudelawo kple kpeɖeŋutɔwo
Joseph went up to bury his father; and with him went up all the servants of Pharaoh, the elders of his house, all the elders of the land of Egypt,
8 kple Yosef nɔviŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo. Ke wogblẽ wo vi suewo kple woƒe lãwo ɖe Gosenyigba dzi.
all the house of Joseph, his brothers, and his father’s house. Only their little ones, their flocks, and their herds, they left in the land of Goshen.
9 Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii.
Both chariots and horsemen went up with him. It was a very great company.
10 Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta.
They came to the threshing floor of Atad, which is beyond the Jordan, and there they lamented with a very great and severe lamentation. He mourned for his father seven days.
11 Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.”
When the inhabitants of the land, the Canaanites, saw the mourning in the floor of Atad, they said, “This is a grievous mourning by the Egyptians.” Therefore its name was called Abel Mizraim, which is beyond the Jordan.
12 Ale Yakob ƒe viwo wɔ nu siwo wòɖo na wo la.
His sons did to him just as he commanded them,
13 Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me.
for his sons carried him into the land of Canaan, and buried him in the cave of the field of Machpelah, which Abraham bought with the field, as a possession for a burial site, from Ephron the Hittite, near Mamre.
14 Yosef trɔ va Egipte kple nɔviawo kpakple ame siwo katã yi wo fofo ƒe kuteƒe la.
Joseph returned into Egypt—he, and his brothers, and all that went up with him to bury his father, after he had buried his father.
15 Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me. Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.”
When Joseph’s brothers saw that their father was dead, they said, “It may be that Joseph will hate us, and will fully pay us back for all the evil which we did to him.”
16 Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku.
They sent a message to Joseph, saying, “Your father commanded before he died, saying,
17 ‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi.
‘You shall tell Joseph, “Now please forgive the disobedience of your brothers, and their sin, because they did evil to you.”’ Now, please forgive the disobedience of the servants of the God of your father.” Joseph wept when they spoke to him.
18 Tete nɔviawo va dze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ nɛ be, “Míenye wò kluviwo.”
His brothers also went and fell down before his face; and they said, “Behold, we are your servants.”
19 Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia?
Joseph said to them, “Don’t be afraid, for am I in the place of God?
20 Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe.
As for you, you meant evil against me, but God meant it for good, to save many people alive, as is happening today.
21 Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo.
Now therefore don’t be afraid. I will provide for you and your little ones.” He comforted them, and spoke kindly to them.
22 Ale Yosef kple nɔviawo kpakple woƒe ƒometɔwo ganɔ Egipte. Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo hafi ku.
Joseph lived in Egypt, he, and his father’s house. Joseph lived one hundred and ten years.
23 Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu.
Joseph saw Ephraim’s children to the third generation. The children also of Machir, the son of Manasseh, were born on Joseph’s knees.
24 Yosef gblɔ na nɔviawo be, “Esusɔ vie maku, ke Mawu ava aɖe mi tso Egiptenyigba sia dzi, eye wòakplɔ mi, miatrɔ ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo la dzi.”
Joseph said to his brothers, “I am dying, but God will surely visit you, and bring you up out of this land to the land which he swore to Abraham, to Isaac, and to Jacob.”
25 Emegbe Yosef na Israel ƒe viwo ka atam nɛ be, “Mawu akpe ɖe mia ŋu be miatsɔ nye kukua tso afi sia ayi Kanaan.”
Joseph took an oath from the children of Israel, saying, “God will surely visit you, and you shall carry up my bones from here.”
26 Ale Yosef ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wodee aɖaka me le Egipte.
So Joseph died, being one hundred and ten years old, and they embalmed him, and he was put in a coffin in Egypt.

< Mose 1 50 >