< Mose 1 43 >

1 Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o.
The famine was severe in the land.
2 Esi bli si wotsɔ tso Egipte nɔ vɔvɔm la, wo fofo gblɔ na wo be, “Migayi ne miaƒle nuɖuɖu sue aɖe vɛ na mí.”
It came about when they had eaten the grain that they had brought out of Egypt, their father said to them, “Go again; buy us some food.”
3 Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi!
Judah told him, “The man solemnly warned us, 'You will not see my face unless your brother is with you.'
4 Ne míakplɔ mía nɔvi ayii la, ekema míayi aɖaƒle nuɖuɖu vɛ na wò.
If you send our brother with us, we will go down and buy you food.
5 Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’”
But if you do not send him, we will not go down. For the man said to us, 'You will not see my face unless your brother is with you.'”
6 Israel fa konyi be, “Nu kae dɔ mi ɖa be miagblɔ nɛ be nɔviŋutsu bubu gale yewo si? Nu ka ta miawɔm alea ɖo?”
Israel said, “Why did you treat me so badly by telling the man that you had another brother?”
7 Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?”
They said, “The man asked details about us and our family. He said, 'Is your father still alive? Do you have another brother?' We answered him according to these questions. How could we have known that he would say, 'Bring your brother down?'”
8 Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku.
Judah said to Israel his father, “Send the boy with me. We will rise and go that we may live and not die, both we, you, and also our children.
9 Makpɔ eƒe dedinɔnɔ gbɔ. Ne nyemekplɔe gbɔe na wò o la, ekema na fɔɖiɖi la nanɔ dzinye tegbee.
I will be a guarantee for him. You will hold me responsible. If I do not bring him back to you and set him before you, then let me bear the blame forever.
10 Nenye ɖe nèɖe asi le eŋu nam la, anye ne míede gbɔ xoxo.”
For if we had not delayed, surely by now we would have come back here a second time.”
11 Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la.
Their father Israel said to them, “If it be so, now do this. Take some of the best products of the land in your bags. Carry down to the man a gift—some balm and honey, spices and myrrh, pistachio nuts and almonds.
12 Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae,
Take double money in your hand. The money that was returned in the opening of your sacks, carry again in your hand. Perhaps it was a mistake.
13 eye miakplɔ mia nɔvia ayii!
Take also your brother. Rise and go again to the man.
14 Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nave mia nu le ŋutsu la ŋkume, ale be wòaɖe asi le Simeon ŋu, eye wòana Benyamin natrɔ gbɔ. Ne ava eme kokoko be wòaku, eye maxa nu hã la, ekema nenɔ nenema ko faa.”
May God Almighty give you mercy before the man, so that he may release to you your other brother and Benjamin. If I am bereaved of my children, I am bereaved.”
15 Ale wotsɔ nunanawo kple ga home teƒe eve kpe ɖe Benyamin ŋu yi Egipte, eye wodo ɖe Yosef ŋkume.
The men took this gift, and in their hand they took double the amount of money, along with Benjamin. They got up and went down to Egypt and stood before Joseph.
16 Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.”
When Joseph saw Benjamin with them, he said to the steward of his house, “Bring the men into the house, slaughter an animal and prepare it, for the men will eat with me at noon.”
17 Ale aƒedzikpɔla la wɔ nu si wogblɔ nɛ la, eye wòkplɔ wo yi Yosef ƒe fiasã me.
The steward did as Joseph said. He brought the men to Joseph's house.
18 Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.”
The men were afraid because they were brought to Joseph's house. They said, “It is because of the money that was returned in our sacks the first time we were brought in, that he may seek an opportunity against us. He might arrest us and take us as slaves, and take our donkeys.”
19 Esi woɖo fiasã la ƒe agbo nu la, wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu,
They approached the steward of Joseph's house, and they spoke to him at the door of the house,
20 eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ,
saying, “My master, we came down the first time to buy food.
21 eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ,
It came about, when we reached the lodging place, that we opened our sacks, and, behold, every man's money was in the opening of his sack, our money in full weight. We have brought it back in our hands.
22 kpe ɖe ga si míatsɔ aƒle bli fifia la ŋu. Ale si tututu ga la wɔ hafi ge ɖe míaƒe kotokuwo me la, míenya o.”
Other money we have also brought down in our hand to buy food. We do not know who put our money in our sacks.”
23 Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ.
The steward said, “Peace be to you, do not fear. Your God and the God of your father must have put your money in your sacks. I received your money.” The steward then brought Simeon out to them.
24 Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo.
The steward took the men into Joseph's house. He gave them water, and they washed their feet. He gave feed to their donkeys.
25 Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma.
They prepared the gifts for Joseph's coming at noon, for they had heard that they would eat there.
26 Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ.
When Joseph came home, they brought the gifts which were in their hand into the house, and bowed down before him to the ground.
27 Ebia woƒe agbe ta, eye wòbia wo be, “Aleke mia fofo, amegãɖeɖi si ƒe nya miegblɔ nam la le? Egale agbea?”
He asked them about their welfare and said, “Is your father well, the old man of whom you spoke? Is he still alive?”
28 Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene.
They said, “Your servant our father is well. He is still alive.” They prostrated themselves and bowed down.
29 Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.”
When he lifted up his eyes he saw Benjamin his brother, his mother's son, and he said, “Is this your youngest brother of whom you spoke to me?” Then he said, “May God be gracious to you, my son.”
30 Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe.
Joseph hurried to go out of the room, for he was deeply moved about his brother. He sought somewhere to weep. He went to his room and wept there.
31 Le esia megbe la, efu mo, eye wòdo go. Eɖu eɖokui dzi hegblɔ be, “Mina míaɖu nu.”
He washed his face and came out. He controlled himself, saying, “Serve the food.”
32 Yosef ɖeka nɔ kplɔ̃ ŋu, nɔviawo nɔ kplɔ̃ bubu ŋu, eye Egiptetɔwo hã nɔ kplɔ bubu sãa ŋu, elabena Egiptetɔwo doa vlo Hebritɔwo, eye womeɖua nu kpli wo o.
The servants served Joseph by himself and the brothers by themselves. The Egyptians there ate with him by themselves because the Egyptians could not eat bread with the Hebrews, for that is detestable to the Egyptians.
33 Yosef fia teƒe si nɔviawo anɔ le woƒe kplɔ̃ ŋu la wo, eye wòɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Nu sia wɔ nuku na wo ŋutɔ!
The brothers sat before him, the firstborn according to his birthright, and the youngest according to his youth. The men were astonished together.
34 Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.
Joseph sent portions to them from the food in front of him. But Benjamin's portion was five times as much as any of his brothers. They drank and were merry with him.

< Mose 1 43 >