< Mose 1 41 >

1 Le ƒe eve megbe la, Farao ku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me be yetsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to.
At the end of two full years, Pharaoh dreamed, and behold, he stood by the river.
2 Tete nyi dami adre do tso tɔsisi la me, eye wonɔ gbe ɖum.
Behold, seven cattle came up out of the river. They were sleek and fat, and they fed in the marsh grass.
3 Emegbe nyi bubu adre do tso tɔsisi la me, ke woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui, eye woƒe axaƒutiwo do. Woyi ɖatsi tsitre ɖe nyinɔ dami adreawo gbɔ.
Behold, seven other cattle came up after them out of the river, ugly and thin, and stood by the other cattle on the brink of the river.
4 Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ!
The ugly and thin cattle ate up the seven sleek and fat cattle. So Pharaoh awoke.
5 Egayi alɔ̃ me kaba, eye wògaku drɔ̃e bubu. Azɔ ya la, ekpɔ bli adre siwo ʋã nyuie la le bliti ɖeka dzi.
He slept and dreamed a second time; and behold, seven heads of grain came up on one stalk, healthy and good.
6 Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ.
Behold, seven heads of grain, thin and blasted with the east wind, sprung up after them.
7 Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye.
The thin heads of grain swallowed up the seven healthy and full ears. Pharaoh awoke, and behold, it was a dream.
8 Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o.
In the morning, his spirit was troubled, and he sent and called for all of Egypt’s magicians and wise men. Pharaoh told them his dreams, but there was no one who could interpret them to Pharaoh.
9 Tete fia ƒe ahakula gblɔ na Farao be, “Egbe la, meɖo ŋku nye nu vɔ̃ dzi.
Then the chief cup bearer spoke to Pharaoh, saying, “I remember my faults today.
10 Ɣe aɖe ɣi va yi esi nèdo dɔmedzoe ɖe mí ame eve ŋu, eye nède nye kple aboloƒola gaxɔ me le ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã ƒe mɔ me la,
Pharaoh was angry with his servants, and put me in custody in the house of the captain of the guard, with the chief baker.
11 nye kple aboloƒola míeku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me.
We dreamed a dream in one night, he and I. Each man dreamed according to the interpretation of his dream.
12 Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí.
There was with us there a young man, a Hebrew, servant to the captain of the guard, and we told him, and he interpreted to us our dreams. He interpreted to each man according to his dream.
13 “Eye nu sia nu va eme tututu abe ale si wògblɔe ene; nye ahakudɔ gaka asinye, wotso ta le aboloƒola nu, eye wotɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu.”
As he interpreted to us, so it was. He restored me to my office, and he hanged him.”
14 Farao ɖo du ɖe Yosef enumake. Woɖee le gaxɔa me kaba; eko ta, di awu bubuwo do alɔtsɔtsɔe, eye wòdo ɖe Farao ŋkume.
Then Pharaoh sent and called Joseph, and they brought him hastily out of the dungeon. He shaved himself, changed his clothing, and came in to Pharaoh.
15 Farao gblɔ na Yosef be, “Meku drɔ̃e aɖe le zã si va yi la me, gake ame siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese be ètea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme, eya ta mena woyɔ wò nam.”
Pharaoh said to Joseph, “I have dreamed a dream, and there is no one who can interpret it. I have heard it said of you, that when you hear a dream you can interpret it.”
16 Yosef gblɔ na Farao be, “Nyemate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme le ɖokuinye si o, ke Mawu ya ate ŋu aɖe drɔ̃ea gɔme na wò!”
Joseph answered Pharaoh, saying, “It is not in me. God will give Pharaoh an answer of peace.”
17 Ale Farao lĩ drɔ̃e la nɛ be, “Metsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to;
Pharaoh spoke to Joseph, “In my dream, behold, I stood on the brink of the river;
18 tete nyi dami siwo ƒe lãme nyo nyuie la do tso tɔsisi la me, eye wode asi gbeɖuɖu me le tɔsisi la to.
and behold, seven fat and sleek cattle came up out of the river. They fed in the marsh grass;
19 Ke nyi bubu adre do tso tɔsisi la me. Woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui; nyemekpɔ nyinɔ ɖiku mawo tɔgbi kpɔ le Egiptenyigba dzi o.
and behold, seven other cattle came up after them, poor and very ugly and thin, such as I never saw in all the land of Egypt for ugliness.
20 Nyi ɖiku siawo lé nyinɔ dami siwo do tso tɔsisi la me gbã la mi,
The thin and ugly cattle ate up the first seven fat cattle;
21 eye emegbe la, wogaɖi ku glãŋuiglãŋui abe ale si tututu wonɔ tsã la ene, eye menyɔ!
and when they had eaten them up, it could not be known that they had eaten them, but they were still ugly, as at the beginning. So I awoke.
22 “Eteƒe medidi kura hafi megaku drɔ̃e bubu o. Azɔ ya la, bli adre nɔ bliti ɖeka dzi; bliawo katã ʋã nyuie.
I saw in my dream, and behold, seven heads of grain came up on one stalk, full and good;
23 Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ.
and behold, seven heads of grain, withered, thin, and blasted with the east wind, sprung up after them.
24 Bli yɔyrɔawo mi bli ʋaʋãwo. “Megblɔ esiawo katã na nye afakalawo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme nam o.”
The thin heads of grain swallowed up the seven good heads of grain. I told it to the magicians, but there was no one who could explain it to me.”
25 Yosef gblɔ na Farao be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le drɔ̃e eveawo si. Mawu nɔ nu si wòava wɔ le Egiptenyigba dzi la gblɔm na wò.
Joseph said to Pharaoh, “The dream of Pharaoh is one. What God is about to do he has declared to Pharaoh.
26 Nyi dami adreawo kple bli ʋaʋã adreawo fia be le ƒe adre siwo gbɔna me la, nuɖuɖu abɔ ɖe anyigba la dzi.
The seven good cattle are seven years; and the seven good heads of grain are seven years. The dream is one.
27 Nyi ɖiku adreawo kple bli maʋamaʋã yɔyrɔ adreawo fia be ƒe adre ƒe dɔwuame adze ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la yome.
The seven thin and ugly cattle that came up after them are seven years, and also the seven empty heads of grain blasted with the east wind; they will be seven years of famine.
28 “Ale Mawu ɖe nu si wɔ ge wòala la fia wò.
That is the thing which I have spoken to Pharaoh. God has shown Pharaoh what he is about to do.
29 Nuɖuɖu abɔ ɖe Egiptenyigba blibo la dzi le ƒe adre gbãtɔ siwo gbɔna la me.
Behold, seven years of great plenty throughout all the land of Egypt are coming.
30 Ke le ƒe mawo yome la, dɔwuame ava ƒe adre, eye enu asesẽ ale gbegbe be nuɖuɖu si bɔ tsã la avɔ, woaŋlɔ woƒe bɔbɔ kpɔ be le Egipte, eye dɔwuame agblẽ anyigba la dzi.
Seven years of famine will arise after them, and all the plenty will be forgotten in the land of Egypt. The famine will consume the land,
31 “Dɔwuame la nu asesẽ ale gbegbe be ame aɖeke magaɖo ŋku edzi be nuɖuɖu bɔ kpɔ o.
and the plenty will not be known in the land by reason of that famine which follows; for it will be very grievous.
32 Drɔ̃e eve siawo le nu eve fiam Farao; wofia be nya siwo megblɔ na mi la le eme va ge kokoko, elabena Mawu ɖo wo da ɖi, eye woava eme kaba.
The dream was doubled to Pharaoh, because the thing is established by God, and God will shortly bring it to pass.
33 Susu si mado ɖa lae nye be Farao nadi nunyala gãtɔ kekeake le Egipte, eye nàtsɔe aɖo agbledede ƒe ɖoɖowo nu le anyigba blibo la dzi.
“Now therefore let Pharaoh look for a discreet and wise man, and set him over the land of Egypt.
34 Mina Farao natia dɔdzikpɔla ɖe anyigba la dzi be woaxɔ Egipte ƒe nuŋeŋe ƒe atɔ̃lia ɖeka le ƒe adreawo me.
Let Pharaoh do this, and let him appoint overseers over the land, and take up the fifth part of the land of Egypt’s produce in the seven plenteous years.
35 Woaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu le ƒe nyui siwo gbɔna la me, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao,
Let them gather all the food of these good years that come, and store grain under the hand of Pharaoh for food in the cities, and let them keep it.
36 ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ate ŋu akplɔ mí to ƒe adre siwo dɔwuame anɔ anyi le Egipte la me. Ne menye nenema o la, tsɔtsrɔ̃ ava anyigba la dzi.”
The food will be to supply the land against the seven years of famine, which will be in the land of Egypt; so that the land will not perish through the famine.”
37 Farao kple eƒe kpeɖeŋutɔwo xɔ Yosef ƒe nyawo.
The thing was good in the eyes of Pharaoh, and in the eyes of all his servants.
38 Esi wode ŋugble tso ame si woahiã na dɔ sia ŋu la, Farao gblɔ be, “Ame kae ate ŋu awɔ dɔ vevi sia nyuie wu Yosef? Elabena enye ame si yɔ fũu kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ.”
Pharaoh said to his servants, “Can we find such a one as this, a man in whom is the Spirit of God?”
39 Farao trɔ ɖe Yosef gbɔ gblɔ nɛ be, “Zi ale si Mawu ɖe drɔ̃eawo gɔme fia wò ko la, wòe nye nunyala gãtɔ le dukɔa me,
Pharaoh said to Joseph, “Because God has shown you all of this, there is no one so discreet and wise as you.
40 eya ta metsɔ wò ɖo dɔ blibo la nu. Nya sia nya si nàgblɔ la, woawɔ edzi le Egiptenyigba blibo la dzi. Nye ɖeka koe aganye amegã na wò.”
You shall be over my house. All my people will be ruled according to your word. Only in the throne I will be greater than you.”
41 Ale Farao gblɔ na Yosef be, “Meto esia me tsɔ wò ɖo Egiptenyigba blibo la nu.”
Pharaoh said to Joseph, “Behold, I have set you over all the land of Egypt.”
42 Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ.
Pharaoh took off his signet ring from his hand, and put it on Joseph’s hand, and arrayed him in robes of fine linen, and put a gold chain about his neck.
43 Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!”
He made him ride in the second chariot which he had. They cried before him, “Bow the knee!” He set him over all the land of Egypt.
44 Farao gblɔ na Yosef be, “Nye, Egipte fia, meka atam na wò be, ànɔ Egiptenyigba blibo la nu le go sia go me.”
Pharaoh said to Joseph, “I am Pharaoh. Without you, no man shall lift up his hand or his foot in all the land of Egypt.”
45 Farao tsɔ ŋkɔ yeye na Yosef be Zafenat Paneah. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Amewo ƒe agbeɖela, Mawu ƒe ŋusẽ tɔgbi ɖe ku kple agbe dzi.” Farao tsɔ nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Asenat, eye wònye Potifera, ame si nye On nunɔla la, ƒe vinyɔnu na Yosef wòɖe. Ale Yosef zu ame xɔŋkɔ aɖe le Egiptenyigba blibo la dzi.
Pharaoh called Joseph’s name Zaphenath-Paneah. He gave him Asenath, the daughter of Potiphera priest of On as a wife. Joseph went out over the land of Egypt.
46 Exɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòge ɖe Farao, Egipte fia ƒe dɔ me. Yosef dzo le Farao gbɔ, eye wòde asi tsatsa me le anyigba blibo la dzi.
Joseph was thirty years old when he stood before Pharaoh king of Egypt. Joseph went out from the presence of Pharaoh, and went throughout all the land of Egypt.
47 Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi.
In the seven plenteous years the earth produced abundantly.
48 Le ƒe mawo me la, Yosef de se be woatsɔ nuku ɖe sia ɖe si woaxa le Egipte la ƒe akpa aɖe ana dziɖuɖu, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le du gãwo me.
He gathered up all the food of the seven years which were in the land of Egypt, and laid up the food in the cities. He stored food in each city from the fields around that city.
49 Le ƒe adrea ƒe nuwuwu la, avawo yɔ, eye nuɖuɖu si wodzɔ na dziɖuɖu la sɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke meganya akɔnta le eŋu o.
Joseph laid up grain as the sand of the sea, very much, until he stopped counting, for it was without number.
50 Le ɣeyiɣi sia me, hafi dɔwuame ƒe ƒe gbãtɔ naɖo la, Asenat, Potifera si nye On nunɔla ƒe vinyɔnu la dzi vi eve na Yosef.
To Joseph were born two sons before the year of famine came, whom Asenath, the daughter of Potiphera priest of On, bore to him.
51 Ena ŋkɔ gbãtɔ be Manase si gɔmee nye “Meŋlɔ be.” Nu si Yosef di be yeafia lae nye be Mawu ve ye nu ale gbegbe be yeŋlɔ yeƒe ɖekakpuimefuwo kple yeƒe dzodzo le yewo de be.
Joseph called the name of the firstborn Manasseh, “For”, he said, “God has made me forget all my toil, and all my father’s house.”
52 Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”
The name of the second, he called Ephraim: “For God has made me fruitful in the land of my affliction.”
53 Ale ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ le Egipte la wu enu,
The seven years of plenty, that were in the land of Egypt, came to an end.
54 eye dɔwuame ƒe ƒe adreawo dze egɔme abe ale si Yosef gblɔe da ɖi ene. Nukuwo gblẽ le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, ke nuɖuɖu bɔ ɖe avawo me le Egipte.
The seven years of famine began to come, just as Joseph had said. There was famine in all lands, but in all the land of Egypt there was bread.
55 Dɔ de asi Egipte dukɔ la wuwu me. Woɖe kuku na Farao be wòana nuɖuɖu yewo. Eɖo wo ɖe Yosef gbɔ kple nya siawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòagblɔ na mi be miawɔ la.”
When all the land of Egypt was famished, the people cried to Pharaoh for bread, and Pharaoh said to all the Egyptians, “Go to Joseph. What he says to you, do.”
56 Esi dɔwuame kaka ɖe anyigba blibo la dzi la, Yosef ʋu avawo, eye wòdzra nuɖuɖu na Egiptetɔwo, elabena dɔwuame la nu sesẽ le anyigba la katã dzi.
The famine was over all the surface of the earth. Joseph opened all the store houses, and sold to the Egyptians. The famine was severe in the land of Egypt.
57 Eye amewo tso dukɔwo katã me va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔwuame la nu sesẽ le xexea me katã.
All countries came into Egypt, to Joseph, to buy grain, because the famine was severe in all the earth.

< Mose 1 41 >