< Mose 1 13 >

1 Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃a kpakple Lot kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo si la ŋu, eye wozɔ mɔ to Egipte ƒe dzigbeme yi Negeb.
And Abram went up out of Egypt with his wife and all he had, and Lot with him, and they came in to the South.
2 Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu.
Now Abram had great wealth of cattle and silver and gold.
3 Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ
And travelling on from the South, he came to Beth-el, to the place where his tent had been before, between Beth-el and Ai;
4 kple afi si wòɖi vɔsamlekpui ɖo kpɔ la. Afi ma Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le.
To the place where he had made his first altar, and there Abram gave worship to the name of the Lord.
5 Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi.
And Lot, who went with him, had flocks and herds and tents;
6 Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la.
So that the land was not wide enough for the two of them: their property was so great that there was not room for them together.
7 Ale dzre dzɔna ɖe Abram kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome enuenu togbɔ be Kanaantɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi, eye woate ŋu aho aʋa ɖe Abram kple Lot ŋu gɔ̃ hã hafi.
And there was an argument between the keepers of Abram's cattle and the keepers of Lot's cattle: at that time the Canaanites and Perizzites were still living in the land.
8 Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ.
Then Abram said to Lot, Let there be no argument between me and you, and between my herdmen and your herdmen, for we are brothers.
9 Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.”
Is not all the land before you? then let us go our separate ways: if you go to the left, I will go to the right; or if you take the right, I will go to the left.
10 Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.
And Lot, lifting up his eyes and looking an the valley of Jordan, saw that it was well watered everywhere, before the Lord had sent destruction on Sodom and Gomorrah; it was like the garden of the Lord, like the land of Egypt, on the way to Zoar.
11 Ale Lot tia Yɔdan ƒe balime heɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Eʋu yi afi ma kple eƒe lãwo kple eƒe subɔlawo, ale eya kple Abram klã mɔ.
So Lot took for himself all the valley of Jordan, and went to the east, and they were parted from one another.
12 Abram tsi Kanaanyigba la dzi esime Lot nɔ du gã siwo nɔ gbadzaƒe la dome; etso nɔƒe ɖe teƒe aɖe si te ɖe Sodom ŋu la.
Abram went on living in the land of Canaan, and Lot went to the lowland towns, moving his tent as far as Sodom.
13 Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu.
Now the men of Sodom were evil, and great sinners before the Lord.
14 Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò,
And the Lord had said to Abram, after Lot was parted from him, From this place where you are take a look to the north and to the south, to the east and to the west:
15 elabena matsɔ afi sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo.
For all the land which you see I will give to you and to your seed for ever.
16 Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!
And I will make your children like the dust of the earth, so that if the dust of the earth may be numbered, then will your children be numbered.
17 Ɖi tsa le anyigba yeye si mele nawòm la ƒe afi sia afi, eye nàlé ŋku ɖe nuwo ŋu.”
Come, go through all the land from one end to the other for I will give it to you.
18 Ale Abram ho eƒe agbadɔ, eye wòyi ati gã siwo le Mamre la gbɔ, teƒe si te ɖe Hebron ŋu, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma.
And Abram, moving his tent, came and made his living-place by the holy tree of Mamre, which is in Hebron, and made an altar there to the Lord.

< Mose 1 13 >