< Hezekiel 3 >

1 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.”
He said to me, "Son of man, eat that which you find. Eat this scroll, and go, speak to the house of Israel."
2 Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu.
So I opened my mouth, and he caused me to eat the scroll.
3 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene.
He said to me, "Son of man, cause your belly to eat, and fill your belly with this scroll that I give you." Then I ate it; and it was as sweet as honey in my mouth.
4 Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, yi Israel ƒe aƒe la me, eye nàgblɔ nye nya na wo.
He said to me, "Son of man, go to the house of Israel, and speak my words to them.
5 Nyemele ɖowòm ɖe ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ o, eye woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ la gbɔ o, ke boŋ mele ɖowòm ɖe Israel ƒe aƒe me,
For you are not sent to a people of a strange speech and of a hard language, but to the house of Israel;
6 menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò.
not to many peoples of a strange speech and of a hard language, whose words you can not understand. Surely, if I sent you to them, they would listen to you.
7 Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo.
But the house of Israel will not listen to you; for they will not listen to me: for all the house of Israel are obstinate and hard-hearted.
8 Ke mawɔ wò màna ta o, wò ŋkume asẽ, eye màna ta o abe woawo ke ene.
Look, I have made your face hard against their faces, and your forehead hard against their foreheads.
9 Mawɔ wò ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me hã.”
As an adamant harder than flint have I made your forehead. Do not be afraid of them, nor be dismayed at their looks, though they are a rebellious house."
10 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me.
Moreover he said to me, "Son of man, all my words that I shall speak to you receive in your heart, and hear with your ears.
11 Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.”
And go to the exiles, to the children of your people, and speak to them, and tell them, 'Thus says YHWH'; whether they will hear, or whether they will forbear.
12 Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”
Then the Spirit lifted me up, and I heard behind me the voice of a great rushing, saying, "Blessed be the glory of YHWH from his place."
13 Nu gbagbeawo ƒe aʋalawo ƒe lili ɖe wo nɔewo ŋu ƒe ɖiɖi kple tasiaɖam ƒe afɔwo ƒe ɖiɖi sesĩe le wo xa.
I heard the noise of the wings of the living creatures as they touched one another, and the noise of the wheels beside them, even the noise of a great rushing.
14 Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye
So the Spirit lifted me up, and took me away; and I went in bitterness, in the anger of my spirit; and the hand of YHWH was strong on me.
15 Meva ɖo aboyome siwo nɔ Tel Aviv, afi si te ɖe Kebar Tɔsisi la ŋu la gbɔ. Le afi ma, afi si wonɔ la, menɔ anyi ɖe wo dome ŋkeke adre, eye gbɔgblɔ bu ɖem.
Then I came to them of the exiles at Tel Aviv, that lived by the river Chebar, and to where they lived; and I sat there overwhelmed among them seven days.
16 Le ŋkeke adreawo ƒe nuwuwu la, Yehowa ƒe nya va nam be,
It happened at the end of seven days, that the word of YHWH came to me, saying,
17 “Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye.
"Son of man, I have made you a watchman to the house of Israel: therefore hear the word from my mouth, and give them warning from me.
18 Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me.
When I tell the wicked, 'You shall surely die'; and you give him no warning, nor speak to warn the wicked from his wicked way, to save his life; that wicked man shall die in his iniquity; but his blood will I require at your hand.
19 Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, gake meɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu alo trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ekema aku le eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò la, èɖe ɖokuiwò.
Yet if you warn the wicked, and he doesn't turn from his wickedness, nor from his wicked way, he shall die in his iniquity; but you have delivered your soul.
20 “Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me.
"Again, when a righteous man does turn from his righteousness, and commit iniquity, and I lay a stumbling block before him, he shall die: because you have not given him warning, he shall die in his sin, and his righteous deeds which he has done shall not be remembered; but his blood will I require at your hand.
21 Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nu vɔ̃ o, eye mewɔ nu vɔ̃ o la, ekema anɔ agbe, elabena ese nuxɔxlɔ̃ eye àɖe ɖokuiwò.”
Nevertheless if you warn the righteous man, that the righteous not sin, and he does not sin, he shall surely live, because he took warning; and you have delivered your soul."
22 Yehowa ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be, “Tsi tsitre, nàyi bali la me, eye maƒo nu na wò le afi ma.”
The hand of YHWH was there on me; and he said to me, "Arise, go forth into the plain, and I will there talk with you."
23 Ale metsi tsitre, eye meyi bali la me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ tsitre ɖe afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to ene, eye metsyɔ mo anyi.
Then I arose, and went forth into the plain: and look, the glory of YHWH stood there, as the glory which I saw by the river Chebar; and I fell on my face.
24 Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me.
Then the Spirit entered into me, and set me on my feet; and he spoke with me, and said to me, "Go, shut yourself inside your house.
25 Ame vi, woabla wò kple ka, woabla wò ale be màte ŋu ado, age ɖe ameawo dome o.
But you, son of man, look, they shall lay bands on you, and shall bind you with them, and you shall not go out among them:
26 Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã.
and I will make your tongue stick to the roof of your mouth, that you shall be mute, and shall not be to them a reprover; for they are a rebellious house.
27 Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”
But when I speak with you, I will open your mouth, and you shall tell them, 'Thus says the Lord YHWH': He who hears, let him hear; and he who forbears, let him forbear: for they are a rebellious house.

< Hezekiel 3 >