< Mose 2 31 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be,
ヱホバ、モーセに告て言たまひけるは
2 “Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me.
我ユダの支派のホルの子なるウリの子ベザレルを名指て召し
3 Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ.
神の霊をこれに充して智慧と了知と智識と諸の類の工に長しめ
4 Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli.
奇巧を盡して金銀及び銅の作をなすことを得せしめ
5 Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.
玉を切り嵌め木に彫刻みて諸の類の工をなすことを得せしむ
6 Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã:
視よ我またダンの支派のアヒサマクの子アホリアブを與へて彼とともならしむ凡て心に智ある者に我智慧を授け彼等をして我が汝に命ずる所の事を盡くなさしむべし
7 “agbadɔ la, Nubablaɖaka la kple eƒe nutuvi, kple nu siwo katã le agbadɔ la me,
即ち集會の幕屋律法の櫃その上の贖罪所幕屋の諸の器具
8 vɔsamlekpui la kple eŋunuwo, sikakaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la,
案ならびにその器具純金の燈臺とその諸の器具および香壇
9 numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo, tsileganu la kple eƒe zɔ,
燔祭の壇とその諸の器具洗盤とその臺
10 Nunɔla Aron ƒe awu nyui kɔkɔewo kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe awuwo, ale be woate ŋu awɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene,
供職の衣服祭司の職をなす時に用ふるアロンの聖衣およびその子等の衣服
11 Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo. “Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.”
および灌膏ならびに聖所の馨しき香是等を我が凡て汝に命ぜしごとくに彼等製造べきなり
12 Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be,
ヱホバ、モーセに告て言たまひけるは
13 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbe la dzi, elabena Dzudzɔgbe la nye ŋkuɖoɖo nubabla si le nye kple miawo dome la dzi tegbetegbe. Esia awɔe be miaɖo ŋku edzi be nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe.’
汝イスラエルの子孫に告て言べし汝等かならず吾安息日を守るべし是は我と汝等の間の代々の徴にして汝等に我の汝等を聖からしむるヱホバなるを知しむる爲の者なればなり
14 “Ele be miadzudzɔ le Dzudzɔgbe la dzi, elabena enye ŋkeke kɔkɔe na mi. Ele be woawu ame sia ame si ada le se sia dzi la, eye woaɖe ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la ƒe agbe ɖa le etɔwo dome.
即ち汝等安息日を守るべし是は汝等に聖日なればなり凡て之を瀆す者は必ず殺さるべし凡てその日に働作をなす人はその民の中より絶るべし
15 Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui.
六日の間業をなすべし第七日は大安息にしてヱホバに聖なり凡て安息日に働作をなす者は必ず殺さるべし
16 Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, elabena ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ hena dzudzɔ, eye wòle kɔkɔe na nye Yehowa. Se sia nye nubabla mavɔ, eye wòle be Israelviwo nawɔ edzi.
斯イスラエルの子孫は安息日を守り代々安息日を祝ふべし是永遠の契約なり
17 Enye nubabla si le nye kple Israelviwo dome la ƒe dzesi mavɔ, elabena ŋkeke adee nye, Yehowa metsɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye medzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.”
是は永久に我とイスラエルの子孫の間の徴たるなり其はヱホバ六日の中に天地をつくりて七日に休みて安息に入たまひたればなり
18 Esi Yehowa wu eƒe nuƒoƒo kple Mose nu le Sinai to la dzi la, etsɔ kpe eve siwo dzi eya ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖo la na Mose.
ヱホバ、シナイ山にてモーセに語ることを終たまひし時律法の板二枚をモーセに賜ふ是は石の板にして神が手をもて書したまひし者なり

< Mose 2 31 >