< Nyagblɔla 8 >

1 Ame kae le abe nunyala ene? Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme? Nunya nana ame ƒe mo klẽna eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la. 2 Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume 3 Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu. 4 Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o. 5 Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o. Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi. 6 Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la, ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi. 7 Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la, ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ? 8 Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o, elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o. 9 Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui. 10 Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o. 11 Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie. 12 Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo. 13 Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o. 14 Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko! 15 Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me. 16 Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la, 17 tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o.

< Nyagblɔla 8 >