< Nyagblɔla 1 >

1 Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo:
在耶路撒冷作王、大衛的兒子、傳道者的言語。
2 Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko.
傳道者說:虛空的虛空, 虛空的虛空,凡事都是虛空。
3 Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba siwo katã wòdzena le ɣea te la me?
人一切的勞碌, 就是他在日光之下的勞碌,有甚麼益處呢?
4 Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana, ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee.
一代過去,一代又來, 地卻永遠長存。
5 Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso.
日頭出來,日頭落下, 急歸所出之地。
6 Ya ƒona ɖoa ta dziehe eye wòtrɔna yia anyiehe. Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.
風往南颳,又向北轉, 不住地旋轉,而且返回轉行原道。
7 Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o. Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me eye wògatsana yia atsiaƒu la me.
江河都往海裏流,海卻不滿; 江河從何處流,仍歸還何處。
8 Nuwo katã le dagbadagba dzi eye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu le eŋu wòade edeƒe o: nukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o abe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene.
萬事令人厭煩, 人不能說盡。 眼看,看不飽; 耳聽,聽不足。
9 Nu siwo nɔ anyi va yi la, woawo ke koe agatrɔ ava eye nu siwo wowɔ kpɔ la, woawo ke ko woagawɔ. Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o.
已有的事後必再有; 已行的事後必再行。 日光之下並無新事。
10 Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be, “Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã? Enɔ anyi kpɔ le blema ke, do ŋgɔ na mí.
豈有一件事人能指着說這是新的? 哪知,在我們以前的世代早已有了。
11 Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o; nenema ke ame siwo woava dzi la, maɖo ŋku nu siwo dzɔ do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o.
已過的世代,無人記念; 將來的世代,後來的人也不記念。
12 Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem.
我傳道者在耶路撒冷作過以色列的王。
13 Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o.
我專心用智慧尋求、查究天下所做的一切事,乃知上帝叫世人所經練的是極重的勞苦。
14 Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.
我見日光之下所做的一切事,都是虛空,都是捕風。
15 Nu si glɔ̃ da ɖi la, womagate ŋu adzɔe o eye nu si meli o la, womate ŋu axlẽe o.
彎曲的,不能變直; 缺少的,不能足數。
16 Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.”
我心裏議論說:我得了大智慧,勝過我以前在耶路撒冷的眾人,而且我心中多經歷智慧和知識的事。
17 Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;
我又專心察明智慧、狂妄,和愚昧,乃知這也是捕風。
18 elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me, eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi.
因為多有智慧,就多有愁煩; 加增知識的,就加增憂傷。

< Nyagblɔla 1 >