< Amos 7 >

1 Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe.
主耶和华指示我一件事:为王割菜之后,菜又发生;刚发生的时候,主造蝗虫。
2 Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?”
蝗虫吃尽那地的青物,我就说:“主耶和华啊,求你赦免;因为雅各微弱,他怎能站立得住呢?”
3 Ale Yehowa ɖe asi le susu si wòɖo la ŋuti. Eye Yehowa gblɔ be, “Esia mava eme o.”
耶和华就后悔说:“这灾可以免了。”
4 Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã.
主耶和华又指示我一件事:他命火来惩罚以色列,火就吞灭深渊,险些将地烧灭。
5 Ale megblɔ nɛ be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku mègawɔe o, elabena dukɔ sue aɖe ko wònye!” Aleke Yakob ate ŋu anɔ tee?
我就说:“主耶和华啊,求你止息;因为雅各微弱,他怎能站立得住呢?”
6 Ale Aƒetɔ Yehowa ɖe asi le susu sia hã ŋuti, Eye wògblɔ nam be, “Esia mava eme o.”
耶和华就后悔说:“这灾也可免了。”
7 Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi.
他又指示我一件事:有一道墙是按准绳建筑的,主手拿准绳站在其上。
8 Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.” Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.
耶和华对我说:“阿摩司啊,你看见什么?”我说:“看见准绳。”主说:“我要吊起准绳在我民以色列中,我必不再宽恕他们。
9 “Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”
以撒的邱坛必然凄凉;以色列的圣所必然荒废。我必兴起,用刀攻击耶罗波安的家。”
10 Ke esi Amazia, nunɔla si le Betel se nya siwo gblɔm Amos le la, eɖo du ɖe Israel fia Yeroboam kaba be, “Amos le nugbe ɖom ɖe ŋutiwò le Israel dukɔ la titina. Amewo mate ŋu atsɔ nya siwo katã gblɔm wòle la o.
伯特利的祭司亚玛谢打发人到以色列王耶罗波安那里,说:“阿摩司在以色列家中图谋背叛你;他所说的一切话,这国担当不起;
11 Amos le gbɔgblɔm be, “‘Yeroboam atsi yi nu eye woaɖe aboyo Israel, akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’”
因为阿摩司如此说:‘耶罗波安必被刀杀;以色列民定被掳去离开本地。’”
12 Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu.
亚玛谢又对阿摩司说:“你这先见哪,要逃往犹大地去,在那里糊口,在那里说预言,
13 Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”
却不要在伯特利再说预言;因为这里有王的圣所,有王的宫殿。”
14 Amos ɖo eŋu ɖo ɖe Amazia be, “Menye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae menye o. Nyemetso nyagblɔɖilawo ƒe ƒome me o. Nye la, lãnyila kple atikutsetsewo fɔla ko menye,
阿摩司对亚玛谢说:“我原不是先知,也不是先知的门徒。我是牧人,又是修理桑树的。
15 gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’
耶和华选召我,使我不跟从羊群,对我说:‘你去向我民以色列说预言。’
16 Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be, “‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o, eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’
亚玛谢啊,现在你要听耶和华的话。你说:‘不要向以色列说预言,也不要向以撒家滴下预言。’
17 “Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’”
所以耶和华如此说:‘你的妻子必在城中作妓女;你的儿女必倒在刀下。你的地必有人用绳子量了分取;你自己必死在污秽之地。以色列民定被掳去离开本地。’”

< Amos 7 >