< Samuel 2 22 >

1 David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. 2 Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. 3 Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso, nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ. Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me. 4 “Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me. 5 Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm, vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye. 6 Tsiẽƒe ƒe kawo blam eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem. (Sheol h7585) 7 “Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me, medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me. 8 Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu; dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui. 9 Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo. 10 Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te. 11 Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi. 12 Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae ƒo xlãe 13 dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ. 14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo; eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe. 15 Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa eye wòtɔtɔ wo. 16 Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta. 17 “Edo asi ɖa tso dziƒo lém, heɖem tso tɔ goglowo me; 18 tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sẽ wum akpa la ƒe asi me. 19 Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ. 20 Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza; eɖem elabena nye nu nyo eŋu. 21 “Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza ta. 22 Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi. Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o; 23 Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o. 24 Nyemeɖi fɔ le eŋkume o eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ. 25 Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta. 26 “Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o. 27 Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu. 28 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi. 29 Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli. 30 Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli. 31 “Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee. 32 Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa? 33 Mawue nye nye mɔ sesẽ, eyae na nye mɔ zu gbadzaa. 34 Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo. 35 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli. 36 Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam. Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm. 37 Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o. 38 “Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo; nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃. 39 Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o. Wodze anyi ɖe nye afɔ nu 40 elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi. 41 Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ eye metsrɔ̃ nye futɔwo. 42 Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo gake ame aɖeke mexɔ na wo o elabena Yehowa metɔ na wo o. 43 Metu wo, wozu abe ke ene. Megbã wo, wokaka abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene. 44 “Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me, èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene; eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo. 45 Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume. 46 Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me. 47 “Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la ɖe dzi bobobo! 48 Eyae nye Mawu, ame si bia hlɔ̃ nam. Etsɔ dukɔwo de nye afɔ te. 49 Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me, ɛ̃, èkɔm gbɔ nye futɔwo ta eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me, 50 eya ta ele be makafu wò, Oo Yehowa, le dukɔwo katã dome eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ. 51 “Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la, eye wòvea eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”

< Samuel 2 22 >