< Samuel 2 13 >

1 Nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Absalom, David ƒe viŋutsu si. Eŋkɔe nye Tamar eye eƒe nu nyo David viŋutsu bubu si woyɔna be Amnon la ŋu, evɔ Amnon kple Tamar nye atsusiviwo.
さてダビデの子アブサロムには名をタマルという美しい妹があったが、その後ダビデの子アムノンはこれを恋した。
2 Amnon ƒe lɔlɔ̃ na Tamar va ɖe fu nɛ ale gbegbe be wòdze dɔ. Amnon mekpɔ mɔnu aɖeke awɔ naneke kplii o, elabena Tamar menya ŋutsu haɖe o.
アムノンは妹タマルのために悩んでついにわずらった。それはタマルが処女であって、アムノンは彼女に何事もすることができないと思ったからである。
3 Xɔlɔ̃ dzeaye aɖe nɔ Amnon si; eŋkɔe nye Yonadab, ame si nye David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi.
ところがアムノンにはひとりの友だちがあった。名をヨナダブといい、ダビデの兄弟シメアの子である。ヨナダブはひじょうに賢い人であった。
4 Gbe ɖeka la, Yonadab bia Amnon be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta wò, fiavi, nàlé blanui ale ŋdi sia ŋdi?” Amnon gblɔ nɛ be, “Tamar, nɔvinye nyɔnu, ame si dzɔ ɖe Absalom yome la ƒe vi la ƒe nu lé dzi nam.”
彼はアムノンに言った、「王子よ、あなたは、どうして朝ごとに、そんなにやせ衰えるのですか。わたしに話さないのですか」。アムノンは彼に言った、「わたしは兄弟アブサロムの妹タマルを恋しているのです」。
5 Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”
ヨナダブは彼に言った、「あなたは病と偽り、寝床に横たわって、あなたの父がきてあなたを見るとき彼に言いなさい、『どうぞ、わたしの妹タマルをこさせ、わたしの所に食物を運ばせてください。そして彼女がわたしの目の前で食物をととのえ、彼女の手からわたしが食べることのできるようにさせてください』」。
6 Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu.
そこでアムノンは横になって病と偽ったが、王がきて彼を見た時、アムノンは王に言った、「どうぞわたしの妹タマルをこさせ、わたしの目の前で二つの菓子を作らせて、彼女の手からわたしが食べることのできるようにしてください」。
7 David lɔ̃ eye wòɖo du ɖe Tamar be wòayi Amnon ƒe xɔ me eye wòaɖa nane nɛ.
ダビデはタマルの家に人をつかわして言わせた、「あなたの兄アムノンの家へ行って、彼のために食物をととのえなさい」。
8 Ale Tamar yi Amnon ƒe xɔ me ale be Amnon nakpɔ ale si wòablu amɔ lae.
そこでタマルはその兄アムノンの家へ行ったところ、アムノンは寝ていた。タマルは粉を取って、これをこね、彼の目の前で、菓子を作り、その菓子を焼き、
9 Etɔ tatalĩ tɔxɛ aɖe nɛ, ke esi wòɖo kplɔ̃ nɛ la, egbe nua ɖuɖu! Eɖe gbe na eƒe subɔlawo be woadzo le yewo gbɔ eye subɔlawo katã do go le xɔa me.
なべを取って彼の前にそれをあけた。しかし彼は食べることを拒んだ。そしてアムノンは、「みな、わたしを離れて出てください」と言ったので、皆、彼を離れて出た。
10 Amnon gblɔ na Tamar be, “Tsɔ nuɖuɖu la va nye dɔƒe eye nàdoe nam.” Ale Tamar tsɔ nuɖuɖu la yii.
アムノンはタマルに言った、「食物を寝室に持ってきてください。わたしはあなたの手から食べます」。そこでタマルは自分の作った菓子をとって、寝室にはいり兄アムノンの所へ持っていった。
11 Esi wòtsi tsitre ɖe eŋkume la, Amnon gblɔ nɛ be, “Lɔlɔ̃tɔ, va mlɔ gbɔnye.”
タマルが彼に食べさせようとして近くに持って行った時、彼はタマルを捕えて彼女に言った、「妹よ、来て、わたしと寝なさい」。
12 Tamar do ɣli be, “Oo, Amnon, èdzɔ movi loo! Mègawɔ nu sia tɔgbi o. Wò ŋutɔ ènya be nu sia tɔgbi medzɔna le Israel o.
タマルは言った、「いいえ、兄上よ、わたしをはずかしめてはなりません。このようなことはイスラエルでは行われません。この愚かなことをしてはなりません。
13 Afi ka mayi kple ŋukpe gã sia? Woayɔ wò be abunɛtɔ gãtɔwo dometɔ ɖeka le Israel! Meɖe kuku, ƒo nu kple fia la, ekema aɖe mɔ na wò nàɖem.”
わたしの恥をわたしはどこへ持って行くことができましょう。あなたはイスラエルの愚か者のひとりとなるでしょう。それゆえ、どうぞ王に話してください。王がわたしをあなたに与えないことはないでしょう」。
14 Amnon gbe meɖo toe o, ke boŋ esi wòsẽ wu Tamar ta la, elée sesẽtɔe hedɔ egbɔ.
しかしアムノンは彼女の言うことを聞こうともせず、タマルよりも強かったので、タマルをはずかしめてこれと共に寝た。
15 Enumake lɔlɔ̃ si wòtsɔ nɛ la trɔ zu fuléle. Amnon lé fu Tamar azɔ wu ale si wòlɔ̃e tsã. Eblu ɖe eta be, “Do go nàdzo le afi sia!”
それからアムノンは、ひじょうに深くタマルを憎むようになった。彼女を憎む憎しみは、彼女を恋した恋よりも大きかった。アムノンは彼女に言った、「立って、行きなさい」。
16 Tamar de asi avifafa me hegblɔ be, “Ne ègbem la, evɔ̃ɖi wu nu si nèwɔ kplim gɔ̃ hã.” Ke Amnon meɖo to Tamar ƒe nya siawo o.
タマルはアムノンに言った、「いいえ、兄上よ、わたしを返すことは、あなたがさきにわたしになさった事よりも大きい悪です」。しかしアムノンは彼女の言うことを聞こうともせず、
17 Eyɔ eƒe subɔla eye wògblɔ nɛ be, “He nyɔnu sia do goe le afi sia eye nàtu ʋɔa ɖe eyome.”
彼に仕えている若者を呼んで言った、「この女をわたしの所から外におくり出し、そのあとに戸を閉ざすがよい」。
18 Ale subɔla la hee do goe eye wòtu ʋɔ la ɖe eyome. Edo awu ʋlaya nyui aɖe si fiavinyɔnu siwo menya ŋutsu haɖe o la dona.
この時、タマルは長そでの着物を着ていた。昔、王の姫たちの処女である者はこのような着物を着たからである。アムノンのしもべは彼女を外に出して、そのあとに戸を閉ざした。
19 Tamar dze awu la le eɖokui ŋuti, lɔ dzowɔ kɔ ɖe tame, kpla asi ta, henɔ avi fam kple ɣli eye wòdzo.
タマルは灰を頭にかぶり、着ていた長そでの着物を裂き、手を頭にのせて、叫びながら去って行った。
20 Nɔvia Absalom biae be, “Nyateƒee be Amnon gblẽ wòa? Mègana wòave wò nenema kura o, elabena ƒome ɖeka sia me ko nya la dzɔ le. Esia menye nya aɖeke si ŋu nàtsi dzi le alea o!” Ale Tamar nɔ nɔvia Absalom gbɔ abe nyɔnu si ɖi gbɔ̃ eɖokui ene.
兄アブサロムは彼女に言った、「兄アムノンがあなたと一緒にいたのか。しかし妹よ、今は黙っていなさい。彼はあなたの兄です。この事を心にとめなくてよろしい」。こうしてタマルは兄アブサロムの家に寂しく住んでいた。
21 Esi Fia David se nya si dzɔ la, edo dɔmedzoe ŋutɔ.
ダビデ王はこれらの事をことごとく聞いて、ひじょうに怒った。
22 Absalom lé fu Amnon le esi wògblẽ nɔvia, Tamar ta ale gbegbe be megaƒoa nu kplii gɔ̃ hã o.
アブサロムはアムノンに良いことも悪いことも語ることをしなかった。それはアムノンがアブサロムの妹タマルをはずかしめたので、アブサロムが彼を憎んでいたからである。
23 Le ƒe eve megbe la, wonɔ fu kom na Absalom ƒe alẽwo le Baal Hazor, le Efraim du la gbɔ. Absalom kpe fiaviŋutsuwo katã be woava afi ma.
満二年の後、アブサロムはエフライムの近くにあるバアル・ハゾルで羊の毛を切らせていた時、王の子たちをことごとく招いた。
24 Eyi fofoa David gbɔ hekpe eya hã kple eŋumewo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye.
そしてアブサロムは王のもとにきて言った、「見よ、しもべは羊の毛を切らせております。どうぞ王も王の家来たちも、しもべと共にきてください」。
25 Ke fofoa gblɔ nɛ be, “Ao, vinye, ne mí katã míeva la, míanye agba na wò akpa.” Absalom ƒoe ɖe enu gake melɔ̃ ɖe yiyi dzi o; ɖeko wòda akpe nɛ ɖe eƒe amekpekpe la ta.
王はアブサロムに言った、「いいえ、わが子よ、われわれが皆行ってはならない。あなたの重荷になるといけないから」。アブサロムはダビデにしいて願った。しかしダビデは行くことを承知せず彼に祝福を与えた。
26 Absalom gblɔ be, “Enyo; ne wò ŋutɔ màte ŋu ava o hã la, màɖo nɔvinye, Amnon ɖa ɖe tewòƒe oa?” Fia la biae be, “Nu ka ta maɖo Amnon ɖa?”
そこでアブサロムは言った、「それでは、どうぞわたしの兄アムノンをわれわれと共に行かせてください」。王は彼に言った、「どうして彼があなたと共に行かなければならないのか」。
27 Absalom yi nya la ƒoƒo ɖe fia la nu dzi va se ɖe esime wòlɔ̃ eye wòna via ŋutsuwo katã, ame siwo dome Amnon hã nɔ la yi.
しかしアブサロムは彼にしいて願ったので、ついにアムノンと王の子たちを皆、アブサロムと共に行かせた。
28 Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”
そこでアブサロムは若者たちに命じて言った、「アムノンが酒を飲んで、心楽しくなった時を見すまし、わたしがあなたがたに、『アムノンを撃て』と言う時、彼を殺しなさい。恐れることはない。わたしが命じるのではないか。雄々しくしなさい。勇ましくしなさい」。
29 Ale Absalom ƒe amewo wɔ Amnon abe ale si Absalom ɖo na wo ene. Tete fia la ƒe viwo katã lia woƒe tedzisɔwo dzi eye wosi dzo.
アブサロムの若者たちはアブサロムの命じたようにアムノンにおこなったので、王の子たちは皆立って、おのおのその騾馬に乗って逃げた。
30 Esi wonɔ mɔa dzi la, David se be, “Absalom wu fia la ƒe viwo katã eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o.”
彼らがまだ着かないうちに、「アブサロムは王の子たちをことごとく殺して、ひとりも残っている者がない」という知らせがダビデに達したので、
31 Fia la tsi tsitre, dze eƒe awuwo eye wòmlɔ anyigba, le konyifafa me, eŋumewo hã dze woƒe awuwo le ŋɔdzi kple konyifafa ta.
王は立ち、その着物を裂いて、地に伏した。そのかたわらに立っていた家来たちも皆その着物を裂いた。
32 Ke Yonadab, David nɔviŋutsu, Simea ƒe viŋutsu gblɔ be, “Mele be nye aƒetɔ nabu be wowu fiaviŋutsuawo katã o. Amnon ko wowu! Esiae nye Absalom ƒe tameɖoɖo si wògblɔna tso gbe si gbe ke Amnon gblẽ nɔvia nyɔnu Tamar.
しかしダビデの兄弟シメアの子ヨナダブは言った、「わが主よ、王の子たちである若者たちがみな殺されたと、お考えになってはなりません。アムノンだけが死んだのです。これは彼がアブサロムの妹タマルをはずかしめた日から、アブサロムの命によって定められていたことなのです。
33 Mele be nye aƒetɔ, fia la naƒo to nya sia bena fiaviŋutsuawo katã ku o. Amnon koe ku.”
それゆえ、わが主、王よ、王の子たちが皆死んだと思って、この事を心にとめられてはなりません。アムノンだけが死んだのです」。
34 Ke Absalom si le teƒea. Azɔ, dzɔla si le Yerusalem ƒe gli la dzi la, kpɔ ameha gã aɖe le togbɛ la ŋu wogbɔna Yerusalem.
アブサロムはのがれた。時に見張りをしていた若者が目をあげて見ると、山のかたわらのホロナイムの道から多くの民の来るのが見えた。
35 Yonadab gblɔ na fia la be, “Kpɔ ɖa, woawoe nye emawo! Viwò ŋutsuwo gbɔna ɖa abe ale si megblɔ ene.”
ヨナダブは王に言った、「見よ、王の子たちがきました。しもべの言ったとおりです」。
36 Eteƒe medidi o la, wova do henɔ avi fam. Fia la kple eŋumewo hã fa avi vevie.
彼が語ることを終った時、王の子たちはきて声をあげて泣いた。王もその家来たちも皆、非常にはげしく泣いた。
37 Absalom si yi Talmai, Amihud ƒe vi Gesuri fia gbɔ. Ke Fia David faa via ŋutsu la gbe sia gbe.
しかしアブサロムはのがれて、ゲシュルの王アミホデの子タルマイのもとに行った。ダビデは日々その子のために悲しんだ。
38 Absalom si yi Gesur eye wònɔ afi ma ƒe etɔ̃.
アブサロムはのがれてゲシュルに行き、三年の間そこにいた。
39 Esi Fia David dzudzɔ Amnon fafa la, edi vevie be yeagakpɔ ye vi Absalom.
王は心に、アブサロムに会うことを、せつに望んだ。アムノンは死んでしまい、ダビデが彼のことはあきらめていたからである。

< Samuel 2 13 >