< Fiawo 2 24 >

1 Le Fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu me la, Babilonia fia Nebukadnezar va dze anyigba la dzi eye Yehoyakim va zu etenɔla ƒe etɔ̃. Le esia megbe la, etrɔ susu eye wòdze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu.
During the reign of Jehoiakim, Nebuchadnezzar, kind of Babylon, invaded the country and Jehoiakim submitted to him. But after three years Jehoiakim rebelled against Nebuchadnezzar.
2 Yehowa ɖo adzohawo ɖa tso Kaldeatɔwo, Siriatɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo dome be woatsrɔ̃ dukɔ la abe ale si Yehowa gblɔe to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi be yeawɔ ene.
Then the Lord sent bands of raiders against Judah to destroy them. They came from Babylonia, Aram, Moab, and Ammon, just as the Lord had said through his servants the prophets.
3 Nu siawo dzɔ ɖe Yuda dzi le Yehowa ƒe ɖoɖo nu ale be yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkume le Manase ƒe nu vɔ̃ kple nu siwo katã wòwɔ la ta.
The Lord spoke against Judah to banish them from his presence because of all the sins that Manasseh had committed, and the innocent people he had killed,
4 Nu siawoe nye ʋu maɖifɔwo kɔkɔ ɖi elabena ekɔ ʋu maɖifɔ geɖewo ɖi le Yerusalem eye Yehowa medi be yeatsɔ nu vɔ̃ sia akee o.
filling Jerusalem with their blood. The Lord was not willing to forgive this.
5 Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
The rest of what happened in Jehoiakim's reign, and all he did, are recorded in the Book of Chronicles of the Kings of Judah.
6 Esi Yehoyakim ku la, via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe.
Jehoiakim died, and his son Jehoiachin succeeded him as king.
7 Egipte fia Farao megatrɔ gbɔ emegbe o elabena Babilonia fia yi ɖanɔ anyigba si Egipte fia gblɔ be enye ye tɔ la dzi. Teƒe siawo nye Yudanyigba blibo la tso Egipte tɔsisi la to yi ɖatɔ Frat tɔsisi la.
The king of Egypt didn't leave his country again for the king of Babylon had taken all the territory that used to belong to him, from the Wadi of Egypt all the way to the Euphrates River.
8 Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem
Jehoiachin was eighteen when he became king, and he reigned in Jerusalem for three months. His mother was Nehushta, daughter of Elnathan. She came from Jerusalem.
9 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoa wɔ ene.
Jehoiachin did what was evil in the Lord's sight, just as his father had done.
10 Esi Yehoyakin nye fia la, Babilonia fia Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem.
At that time the officers of Nebuchadnezzar, king of Babylon attacked Jerusalem and besieged it.
11 Esi woɖe to ɖe dua vɔ la, Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo Yerusalem,
Then Nebuchadnezzar, king of Babylon came himself while his officers were besieging the city.
12 eye Yuda fia, Yehoyatsin, viawo, eƒe aɖaŋudelawo, sãmedɔwɔlawo kple fia dada na ta. Nebukadnezar lɔ̃ ɖe tanana la dzi eye wòlé Fia Yehoyatsin yi ɖade gaxɔ me le Babilonia le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.
Jehoiachin, king of Israel, surrendered to the king of Babylon, along with his mother, his officers, his commanders, and his officials. It was in the eighth year of his reign that Nebuchadnezzar captured Jehoiachin.
13 Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu.
Nebuchadnezzar took all the treasures from the Lord's Temple and the royal palace, and he cut up all the gold items that Solomon, king of Israel, had made for the Lord's Temple, as the Lord had said would happen.
14 Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi.
He deported all of Jerusalem, all the commanders and experienced soldiers, all the craftsmen and metalworkers, a total of ten thousand prisoners. Only the very poor people of the land were left.
15 Fia Nebukadnezar kplɔ Fia Yehoyatsin, srɔ̃awo kple eƒe aɖaŋudelawo kple dadaa yi Babilonia.
He took Jehoiachin away into exile to Babylon, as well as the king's mother and the king's wives and his officials and the leading men of the land, he deported them all from Jerusalem to Babylon.
16 Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa.
The king of Babylon also deported to Babylon all seven thousand fighting men and one thousand craftsmen and metalworkers, who were all strong and ready for battle.
17 Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia.
The king of Babylon made Mattaniah, Jehoiachin's uncle, king instead of him, and changed his name to Zedekiah.
18 Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna.
Zedekiah was twenty-one when he became king, and he reigned in Jerusalem for eleven years. His mother's name was Hamutal, daughter of Jeremiah She came from Libnah.
19 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔe ene.
He did evil in the Lord's sight, just as Jehoiakim had done.
20 Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.
All this happened in Jerusalem and Judah, because of the Lord's anger, until he eventually banished them from his presence. Zedekiah rebelled against the king of Babylon.

< Fiawo 2 24 >