< Fiawo 2 21 >

1 Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hefziba.
Manasseh was twelve years old when he began to reign, and he reigned fifty-five years in Jerusalem. His mother’s name was Hephzibah.
2 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome.
He did that which was evil in the LORD’s sight, after the abominations of the nations whom the LORD cast out before the children of Israel.
3 Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo.
For he built again the high places which Hezekiah his father had destroyed; and he raised up altars for Baal, and made an Asherah, as Ahab king of Israel did, and worshiped all the army of the sky, and served them.
4 Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.”
He built altars in the LORD’s house, of which the LORD said, “I will put my name in Jerusalem.”
5 Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo.
He built altars for all the army of the sky in the two courts of the LORD’s house.
6 Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.
He made his son to pass through the fire, practiced sorcery, used enchantments, and dealt with those who had familiar spirits and with wizards. He did much evil in the LORD’s sight, to provoke him to anger.
7 Manase li aƒeli si wòwɔ la ɖe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Yehowa ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe!
He set the engraved image of Asherah that he had made in the house of which the LORD said to David and to Solomon his son, “In this house, and in Jerusalem, which I have chosen out of all the tribes of Israel, I will put my name forever;
8 Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”
I will not cause the feet of Israel to wander any more out of the land which I gave their fathers, if only they will observe to do according to all that I have commanded them, and according to all the law that my servant Moses commanded them.”
9 Ke ameawo meɖo to Yehowa o eye Manase na wowɔ nu vɔ̃ wu dukɔ siwo ƒo xlã wo, togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ dukɔ siawo le woƒe nu vɔ̃wo ta, esi Israelviwo ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã.
But they didn’t listen, and Manasseh seduced them to do that which is evil more than the nations did whom the LORD destroyed before the children of Israel.
10 Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be,
The LORD spoke by his servants the prophets, saying,
11 “Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la,
“Because Manasseh king of Judah has done these abominations, and has done wickedly above all that the Amorites did, who were before him, and has also made Judah to sin with his idols;
12 Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃.
therefore the LORD the God of Israel says, ‘Behold, I will bring such evil on Jerusalem and Judah that whoever hears of it, both his ears will tingle.
13 Matsɔ dzidzeka si metsɔ dzidze Samaria kple Ahab ƒe aƒe la adzidze Yerusalem. Maklɔ Yerusalem abe ale si woklɔa agbae ene eye matrɔe atsyɔ anyi.
I will stretch over Jerusalem the line of Samaria, and the plumb line of Ahab’s house; and I will wipe Jerusalem as a man wipes a dish, wiping it and turning it upside down.
14 Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo
I will cast off the remnant of my inheritance and deliver them into the hands of their enemies. They will become a prey and a plunder to all their enemies,
15 elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.”
because they have done that which is evil in my sight, and have provoked me to anger since the day their fathers came out of Egypt, even to this day.’”
16 Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa.
Moreover Manasseh shed innocent blood very much, until he had filled Jerusalem from one end to another; in addition to his sin with which he made Judah to sin, in doing that which was evil in the LORD’s sight.
17 Woŋlɔ Manase ƒe fiaɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nu vɔ̃ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me.
Now the rest of the acts of Manasseh, and all that he did, and his sin that he sinned, aren’t they written in the book of the chronicles of the kings of Judah?
18 Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe.
Manasseh slept with his fathers, and was buried in the garden of his own house, in the garden of Uzza; and Amon his son reigned in his place.
19 Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba.
Amon was twenty-two years old when he began to reign; and he reigned two years in Jerusalem. His mother’s name was Meshullemeth the daughter of Haruz of Jotbah.
20 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene.
He did that which was evil in the LORD’s sight, as Manasseh his father did.
21 Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ.
He walked in all the ways that his father walked in, and served the idols that his father served, and worshiped them;
22 Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o.
and he abandoned the LORD, the God of his fathers, and didn’t walk in the way of the LORD.
23 Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me.
The servants of Amon conspired against him, and put the king to death in his own house.
24 Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi Yosia ɖo fiae.
But the people of the land killed all those who had conspired against King Amon; and the people of the land made Josiah his son king in his place.
25 Woŋlɔ Amon ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Amon which he did, aren’t they written in the book of the chronicles of the kings of Judah?
26 Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe.
He was buried in his tomb in the garden of Uzza, and Josiah his son reigned in his place.

< Fiawo 2 21 >