< Fiawo 2 16 >

1 Le Peka, Remalia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz, Yotam ƒe vi, zu fia le Yuda.
In the seventeenth year of Phakee son of Romelias began Achaz the son of Joatham king of Juda to reign.
2 Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o.
Twenty years old was Achaz when he began to reign, and he reigned sixteen years in Jerusalem; and he did not that which was right in the eyes of the Lord his God faithfully, as David his father [had done].
3 Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome.
And he walked in the way of the kings of Israel, yes, he made his son to pass through the fire, according to the abominations of the heathen whom the Lord cast out from before the children of Israel.
4 Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.
And he sacrificed and burnt incense on the high places, and upon the hills, and under every shady tree.
5 Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o.
Then went up Raasson king of Syria and Phakee son of Romelias king of Israel against Jerusalem to war, and besieged Achaz, but could not prevail [against him].
6 Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe.
At that time Raasson king of Syria recovered Aelath to Syria, and drove out the Jews from Aelath, and the Idumeans came to Aelath, and lived there until this day.
7 Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.”
And Achaz sent messengers to Thalgath-phellasar king of the Assyrians, saying, I am your servant and your son: come up, deliver me out of the hand of the king of Syria, and out of the hand of the king of Israel, who are rising up against me.
8 Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene.
And Achaz took the silver and the gold that was found in the treasures of the house of the Lord, and of the king's house, and sent gifts to the king.
9 Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.
And the king of the Assyrians listened to him: and the king of the Assyrians went up to Damascus and took it, and removed the inhabitants, and killed king Raasson.
10 Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria.
And king Achaz went to Damascus to meet Thalgath-phellasar king of the Assyrians at Damascus; and he saw an altar at Damascus. And king Achaz sent to Urias the priest the pattern of the altar, and its proportions, and all its workmanship.
11 Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ.
And Urias the priest built the altar, according to all [the directions] which king Achaz sent from Damascus.
12 Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi.
And the king saw the altar, and went up to it,
13 Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi.
and offered his whole burnt offering, and his meat-offering, and his drink-offering, and poured out the blood of his peace-offerings on the brazen altar that was before the Lord.
14 Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo.
And he brought forward [the one] before the house of the Lord from between the altar and the house of the Lord, and he set it openly by the side of the altar northwards.
15 Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko.
And king Achaz charged Urias the priest, saying, Offer upon the great altar the whole burnt offering in the morning and the meat-offering in the evening, and the whole burnt offering of the king, and his meat-offering, and the whole burnt offering of all the people, and their meat-offering, and their drink-offering; and you shall pour all the blood of the whole burnt offering, and all the blood of [any other] sacrifice upon it: and the brazen altar shall be for me in the morning.
16 Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ.
And Urias the priest did according to all that king Achaz commanded him.
17 Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi.
And king Achaz cut off the borders of the bases, and removed the laver from off them, and took down the sea from the brazen oxen that were under it, and set it upon a base of stone.
18 Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa.
And he made a base for the throne in the house of the Lord, and he turned the king's entrance without in the house of the Lord because of the king of the Assyrians.
19 Woŋlɔ Fia Ahaz ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
And the rest of the acts of Achaz, even all that he did, [are] not these written in the book of the chronicles of the kings of Juda?
20 Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.
And Achaz slept with his fathers, and was buried in the city of David: and Ezekias his son reigned in his stead.

< Fiawo 2 16 >