< Fiawo 2 13 >

1 Le Yuda fia, Yoas, Ahazia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu ƒe vi zu Israel fia le Samaria eye wòɖu fia ƒe wuiadre.
La vingt-troisième année de Joas, fils d'Achazia, roi de Juda, Joachaz, fils de Jéhu, devint roi sur Israël à Samarie, et il régna dix-sept ans.
2 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe eye wòto Fia Yeroboam, ame si he Israel de nu vɔ̃ me la ƒe mɔ vɔ̃wo dzi.
Il fit ce qui est mauvais aux yeux de l'Éternel; car il suivit les péchés de Jéroboam, fils de Nébat, par lesquels il avait fait pécher Israël. Il ne s'en détourna point.
3 Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu eye wòɖe mɔ be Siria fia, Hazael kple via Ben Hadad naɖu wo dzi enuenu.
La colère de l'Éternel s'alluma donc contre Israël; et il les livra entre les mains de Hazaël, roi de Syrie, et entre les mains de Ben-Hadad, fils de Hazaël, durant tout ce temps-là.
4 Ke Yehoahaz do gbe ɖa, bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa se eƒe gbedodoɖa elabena Yehowa kpɔ ale si Siria fia la nɔ Israelviwo tem ɖe toe.
Mais Joachaz supplia l'Éternel, et l'Éternel l'exauça; car il vit l'oppression des Israélites, il vit que le roi de Syrie les opprimait.
5 Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene.
L'Éternel donna donc un libérateur à Israël, et ils sortirent de dessous la puissance des Syriens. Ainsi les enfants d'Israël habitèrent dans leurs tentes, comme auparavant.
6 Ke wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi kokoko, wodze Yeroboam ƒe nu vɔ̃ mɔwo dzi eye wosubɔa aƒeli le Samaria.
Toutefois, ils ne se détournèrent point des péchés de la maison de Jéroboam, qu'il avait fait commettre à Israël; mais ils y marchèrent, et même l'emblème d'Ashéra subsista à Samarie,
7 Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene.
Bien que Dieu n'eût laissé de troupes à Joachaz que cinquante cavaliers, dix chars, et dix mille hommes de pied. En effet, le roi de Syrie les avait détruits, et rendus tels que la poussière qu'on foule aux pieds.
8 Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Le reste des actions de Joachaz, tout ce qu'il fit, et ses exploits, n'est-il pas écrit au livre des Chroniques des rois d'Israël?
9 Yehoahaz ku, woɖii ɖe Samaria eye via, Yehoas ɖu fia ɖe eteƒe.
Joachaz s'endormit donc avec ses pères, et on l'ensevelit à Samarie. Et Joas son fils régna à sa place.
10 Yehoas zu fia le Yuda fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, eye wònɔ zi dzi ƒe wuiade le Samaria.
La trente-septième année de Joas, roi de Juda, Joas, fils de Joachaz, devint roi sur Israël à Samarie, et il régna seize ans.
11 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam, Nebat ƒe vi ene; ena Israelviwo subɔ legbawo eye wòkplɔ wo de nu vɔ̃ me.
Il fit ce qui est mauvais aux yeux de l'Éternel, et ne se détourna d'aucun des péchés de Jéroboam, fils de Nébat, par lesquels il avait fait pécher Israël; mais il y marcha.
12 Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Le reste des actions de Joas, tout ce qu'il fit, et la valeur avec laquelle il combattit contre Amatsia, roi de Juda, n'est-il pas écrit au livre des Chroniques des rois d'Israël?
13 Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe.
Et Joas s'endormit avec ses pères, et Jéroboam s'assit sur son trône. Et Joas fut enseveli à Samarie avec les rois d'Israël.
14 Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”
Or, comme Élisée était malade de la maladie dont il mourut, Joas, roi d'Israël, descendit et pleura sur son visage, disant: Mon père, mon père, char d'Israël et sa cavalerie!
15 Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ.
Et Élisée lui dit: Prends un arc et des flèches. Et il prit un arc et des flèches.
16 Egblɔ na Israel fia be, “Lé dati la ɖe asi.” Esi wòlé dati la ɖe asi la, Elisa da eƒe asiwo ɖe fia la tɔwo dzi.
Et Élisée dit au roi d'Israël: Tends l'arc de ta main. Et quand il l'eut tendu, Élisée mit ses mains sur les mains du roi, et dit:
17 Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.”
Ouvre la fenêtre vers l'Orient. Et il l'ouvrit. Et Élisée lui dit: Tire. Et il tira. Et Élisée dit: C'est une flèche de délivrance de la part de l'Éternel, une flèche de délivrance contre les Syriens. Tu frapperas les Syriens à Aphek, jusqu'à les détruire.
18 Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ.
Élisée lui dit encore: Prends les flèches. Et il les prit. Et Élisée dit au roi d'Israël: Frappe contre terre. Joas frappa trois fois, puis s'arrêta.
19 Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!”
Et l'homme de Dieu s'irrita contre lui, et dit: Il fallait frapper cinq ou six fois; alors tu eusses frappé les Syriens jusqu'à les détruire! Maintenant tu frapperas les Syriens trois fois.
20 Elisa ku eye woɖii. Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo.
Et Élisée mourut, et on l'ensevelit. Et, l'année suivante, des bandes de Moabites entrèrent dans le pays.
21 Gbe ɖeka la, esime Israelvi aɖewo nɔ ame kuku aɖe ɖim la, wokpɔ adzoha aɖe; ale wotsɔ ame kuku la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esime ame kuku la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, ame kuku la gbɔ agbe eye wòtsi tsitre.
Et voici, des gens qui enterraient un homme virent une de ces bandes, et jetèrent l'homme dans le tombeau d' Élisée. Et cet homme, étant allé toucher les os d'Élisée, revint à la vie, et se leva sur ses pieds.
22 Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me.
Or Hazaël, roi de Syrie, avait opprimé les Israélites pendant toute la vie de Joachaz.
23 Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko.
Mais l'Éternel leur fit grâce, il eut compassion d'eux, et il se retourna vers eux à cause de son alliance avec Abraham, Isaac et Jacob. Il ne voulut point les exterminer; et, jusqu'à maintenant, il ne les a pas rejetés de devant sa face.
24 Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe.
Alors Hazaël, roi de Syrie, mourut, et Ben-Hadad, son fils, régna à sa place.
25 Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ.
Et Joas, fils de Joachaz, reprit des mains de Ben-Hadad, fils de Hazaël, les villes que celui-ci avait conquises sur Joachaz, son père. Joas le battit par trois fois, et recouvra les villes d'Israël.

< Fiawo 2 13 >