< Kronika 2 6 >

1 Tete Solomo gblɔ be, “Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo do viviti aɖe me;
Tada reče Salomon: “Jahve odluči prebivati u tmastu oblaku,
2 metu gbedoxɔ gã nyui aɖe na wò, afi si nànɔ tegbee.”
a ja ti sagradih uzvišen Dom da u njemu prebivaš zauvijek.”
3 Tete Fia Solomo trɔ ɖe Israel ƒe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo hegblɔ na wo bena,
I, okrenuvši se, kralj blagoslovi sav izraelski zbor, a sav je izraelski zbor stajao.
4 “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si tsɔ eƒe nu gblɔ nya na fofonye David eye wòwɔ ŋugbe si wòdo nɛ la dzi azɔ. Mawu gblɔ na David bena,
Reče on: “Neka je blagoslovljen Jahve, Bog Izraelov, koji svojom rukom ispuni obećanje što ga na svoja usta dade ocu mome Davidu, rekavši:
5 ‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye amewo tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel ƒe toawo dometɔ aɖeke me be, woatu gbedoxɔ ne nye ŋkɔ nanɔ afi ma o eye nyemetia ame aɖeke be wòanye kplɔla na nye dukɔ, Israel o.
'Od dana kad izvedoh svoj narod iz egipatske zemlje nisam izabrao grada ni iz kojeg Izraelova plemena da se u njemu sagradi Dom gdje bi prebivalo moje Ime, niti sam izabrao ikoga da vlada nad mojim narodom izraelskim.
6 Ke azɔ la, metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afi ma eye azɔ la metia David be wòanɔ nye dukɔ, Israel nu.’”
Ali sam izabrao Jeruzalem da u njemu obitava moje Ime i odabrao Davida da zapovijeda mojem narodu izraelskom.'
7 “Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ.
Otac mi David naumi podići Dom Imenu Jahve, Boga Izraelova,
8 Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, ‘Esi nèɖoe ɖe wò dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe wò dzi me.
ali mu Jahve reče: 'Naumio si podići Dom Imenu mojem, i dobro učini,
9 Ke menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’
ali nećeš ti podići toga Doma, nego tvoj sin koji izađe iz tvoga krila; on će podići Dom Imenu mojem.'
10 “Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu fia ɖe fofonye teƒe eye metu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ.
Jahve ispuni obećanje svoje: naslijedio sam oca Davida i sjeo na prijestolje Izraelovo, kako obeća Jahve, podigao Dom Imenu Jahve, Boga Izraelova,
11 Metsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme eye Nubabla si le Yehowa kple eƒe amewo, Israelviwo dome la, le nubablaɖaka la me.”
i namjestio Kovčeg u kojem je Savez što ga Jahve sklopi sa sinovima Izraelovim.”
12 Tete Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.
Tada Salomon stupi, u nazočnosti svega zbora Izraelova, pred žrtvenik Jahvin i raširi ruke.
13 Azɔ la ewɔ teƒe kɔkɔ aɖe kple akɔbli; edidi mita eve kple afã, keke mita eve kple afã eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Etsɔe da ɖe xɔxɔnu egodotɔ titina. Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe la dzi, dze klo le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.
Salomon je, naime, bio napravio tučano podnožje, dugo pet lakata i široko pet lakata, a visoko tri lakta, i stavio ga nasred predvorja; stavši na nj, kleknuo je pred svim zborom Izraelovim i, raširivši ruke k nebu,
14 Edo gbe ɖa bena, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo.
rekao: “Jahve, Bože Izraelov! Nijedan ti bog nije sličan ni na nebesima ni na zemlji, tebi koji držiš Savez i ljubav svojim slugama što kroče pred tobom sa svim svojim srcem.
15 Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David ame si nye wò subɔla la, dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene.
Sluzi svome Davidu, mojem ocu, ispunio si što si mu obećao. Što si obećao na svoja usta, ispunio si svojom rukom upravo danas.
16 “Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ be, ‘Wò dzidzimeviwo aɖu fia ɖe Israel dzi tegbetegbe ne woawɔ nye sewo dzi abe ale si nèwɔ ene,’ la dzi.
Jahve, Bože Izraelov, sada ispuni svome sluzi, ocu mome Davidu, što si mu obećao kad si rekao: 'Neće ti preda mnom nestati nasljednika koji bi sjedio na izraelskom prijestolju, samo ako tvoji sinovi budu čuvali svoje putove hodeći po mojem zakonu kako si ti hodio preda mnom.'
17 Ke azɔ la, Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David la hã dzi.
Jahve, Bože Izraelov, neka se sada dakle ispuni obećanje koje si dao svome sluzi Davidu!
18 “Ke, ɖe Mawu anya nɔ anyigba dzi kple amewoa? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo na wò o, ekema nu kae nye gbedoxɔ sia si metu?
Ali zar će Bog doista boraviti s ljudima na zemlji? TÓa nebesa ni nebesa nad nebesima ne mogu ga obuhvatiti, a kamoli ovaj Dom što sam ga sagradio!
19 Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wòle dodom ɖa na wò.
Pomno počuj molitvu i vapaj svoga sluge, Jahve, Bože moj, te usliši prošnju i molitvu što je tvoj sluga k tebi upućuje!
20 Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be wò ŋkɔ anɔ afi ma ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia.
Neka tvoje oči obdan i obnoć budu otvorene nad ovim Domom, nad ovim mjestom za koje reče da ćeš u nj smjestiti svoje Ime. Usliši molitvu koju će sluga tvoj izmoliti na ovome mjestu.
21 Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ẽ, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake.
I usliši molitvu sluge svoga i naroda svojega izraelskog koju bude upravljao prema ovome mjestu. Usliši s mjesta gdje prebivaš, s nebesa, usliši i oprosti!
22 “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wobia tso esi be wòava aka atam le wò vɔsamlekpui sia ŋgɔ be yemewɔ nu vɔ̃ la o la,
Ako tko zgriješi protiv bližnjega i bude mu naređeno da se zakune i zakletva dođe pred tvoj žrtvenik u ovom Domu,
23 ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu.
ti je čuj s neba, postupaj i sudi svojim slugama, osudi krivca okrećući njegova nedjela na njegovu glavu, a nevina oslobodi postupajući s njime po nevinosti njegovoj.
24 “Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la,
Ako narod tvoj poraze neprijatelji jer se ogriješio o tebe, ali se ipak k tebi obrati i proslavi Ime tvoje i u ovom se Domu pomoli i zavapije k tebi,
25 ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi.
onda ti čuj to s neba, oprosti grijehe svojem narodu izraelskom i dovedi ga natrag u zemlju koju si dao njima i njihovim očevima.
26 “Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la,
Ako se zatvori nebo i ne padne kiša jer su se ogriješili o tebe, pa ti se pomole na ovom mjestu i proslave Ime tvoje i obrate se od svojega grijeha kad ih ti poniziš,
27 ekema see le dziƒo eye nàtsɔ wò dɔla siwo nye wò dukɔ Israelviwo la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbemɔ nyuitɔ wo eye nàdɔ tsidzadza ɖe anyigba si nètsɔ na wò dukɔ be wòanye eƒe domenyinu la dzi.
tada čuj s neba i oprosti grijeh svojim slugama i svojem izraelskom narodu, pokazujući mu valjan put kojim će ići, i pusti kišu na zemlju koju si narodu svojem dao u baštinu.
28 “Ne dɔ to alo dɔvɔ̃ va anyigba dzi, ne bli hlɔ̃ alo dze heteku, ne ʋetsuviwo alo ʋetrawo va anyigba la dzi alo ne futɔwo va ɖe to ɖe wo le woƒe duwo dometɔ aɖe me, dzɔgbevɔ̃e alo dɔléle ɖe sia ɖe si ava la,
Kad u zemlji zavlada glad, kuga, snijet i rđa, kad navale skakavci i gusjenice, kad neprijatelj ovoga naroda pritisne koja od njegovih vrata ili kad udari kakva druga nevolja ili boleština,
29 ne wò dukɔ, Israel do gbe ɖa alo ƒo koko eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nya eƒe hiãkame kple vevesesewo eye woke woƒe abɔwo me ɖo ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la,
počuj svaku molitvu, svaki vapaj od kojega god čovjeka ili od cijeloga tvoga naroda izraelskog; ako svaki osjeti bol u srcu i raširi ruke k ovom Domu,
30 ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàwɔ na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu (elabena wò koe nya amewo ƒe dzi me),
usliši im molitvu i vapaj njihov u nebu gdje boraviš i oprosti i daj svakomu po njegovim putovima, jer ti poznaješ srce njegovo; jer ti jedini prozireš srca ljudi
31 ale be woavɔ̃ wò eye woazɔ le wò mɔwo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me le anyigba si nèna mía fofowo la dzi.
da te se boje idući tvojim putovima dokle god žive na zemlji što je ti dade našim očevima.
32 “Amedzro, ame siwo metso wò dukɔ, Israel me o, ke wotso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ si nèdo ɖe dzi ta, eye wodo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la,
Pa i tuđinca, koji nije od tvojega naroda izraelskog, nego je stigao iz daleke zemlje radi veličine tvoga Imena i radi tvoje snažne ruke i podignute mišice, ako dođe i pomoli se u ovom Domu,
33 ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe.
usliši s neba, gdje prebivaš, usliši sve vapaje njegove da bi svi zemaljski narodi upoznali Ime tvoje i bojali te se kao narod tvoj izraelski i da znaju da je tvoje Ime prizvano nad ovaj Dom koji sam sagradio.
34 “Ne wò amewo yi aʋa wɔ ge kple woƒe futɔwo le wò gbeɖeɖe nu eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe du sia, Yerusalem, esi nètia kple gbedoxɔ sia, si metu na wò gbɔ la,
Kad narod tvoj krene na neprijatelja putem kojim ga ti uputiš i pomoli se tebi, okrenut gradu što si ga izabrao i prema Domu koji sam podigao tvome Imenu,
35 ekema se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo.
usliši mu s neba molitvu i prošnju i učini mu pravdu.
36 “Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe wɔa nu vɔ̃e ene eye nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hena woƒe futɔwo ɖu wo dzi, woɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, kpuiƒe alo didiƒe aɖe
Kad ti sagriješe, jer nema čovjeka koji ne griješi, a ti ih, rasrdiv se na njih, predaš neprijateljima da ih zarobe i odvedu kao roblje u daleku ili blizu zemlju,
37 eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, wotrɔ dzime eye woƒo koko na wò le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’ la,
pa ako se pokaju srcem u zemlji u koju budu dovedeni te se obrate i počnu te moliti za milost u zemlji svojih osvajača govoreći: 'Zgriješili smo'
38 ekema ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba si dzi wole aboyome le eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nètsɔ na wo fofowo kple du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ la gbɔ la,
i tako se obrate tebi svim srcem i svom dušom u zemlji svoga ropstva u koju budu dovedeni kao roblje, i pomole se okrenuti k zemlji što je ti dade njihovim očevima i prema gradu koji si odabrao i prema Domu što sam ga podigao tvom Imenu,
39 ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, kpe ɖe wo ŋu eye nàtsɔ wò ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la ƒe nu vɔ̃wo ake wo.
usliši s neba, gdje prebivaš, njihovu molbu i njihove prošnje, učini im pravdu i oprosti svome narodu što ti je zgriješio.
40 “Ẽ, nye Mawu, na wò ŋkuwo nanɔ ʋuʋu eye nàlé to ɖe gbe siwo katã woado ɖa na wò le teƒe sia la ŋu.
Sada, Bože moj, neka tvoje oči budu otvorene i tvoje uši pažljive na molitve na ovom mjestu!
41 “Azɔ la, Yehowa Mawu, tso eye nàge ɖe wò gbɔɖemeƒe sia,
Pa sada ustani, o Bože Jahve, pođi k svojem počivalištu, ti i Kovčeg tvoje snage; neka se obuku u spasenje tvoji svećenici, o Bože Jahve, i vjerni tvoji neka se raduju u sreći!
42 Oo Yehowa, mègagblem ɖi o eye mègatrɔ wò mo ɖa tso nye,
Bože Jahve, ne odvrati lica od svog pomazanika, spomeni se milostÄi što ih dade sluzi svome Davidu!”

< Kronika 2 6 >