< Kronika 2 25 >

1 Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ asieke. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, tso Yerusalem. 2 Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o! 3 Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. 4 ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.” 5 Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃, wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie. 6 Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃. 7 Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o. 8 Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.” 9 Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?” Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.” 10 Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ. 11 Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir. 12 Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku. 13 Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ eye woha aboyonu geɖewo. 14 Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo. 15 Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?” 16 Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.” Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.” 17 Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu. 18 Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. 19 Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” 20 Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta. 21 Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. 22 Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. 23 Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene. 24 Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria. 25 Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. 26 Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 27 Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. 28 Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.

< Kronika 2 25 >