< Samuel 1 14 >

1 Gbe ɖeka la, Fiavi Yonatan gblɔ na ɖekakpui si nye eƒe adekplɔvi la be, “Na míato balime la ayi Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ.” Ke megblɔe na fofoa be yeyina o. 2 Saul kple eƒe aʋawɔla alafa adeawo ƒo ƒu ɖe yevuboɖati la gbɔ le Migron. 3 Nunɔla Ahiya si do akɔtawui hã nɔ ameawo dome. Ahiya nye Ahitub, Ikabod nɔvi ƒe vi, eganye Finehas ƒe tɔgbuiyɔvi eye Finehas fofoe nye Eli, Yehowa ƒe nunɔla le Silo. Ke ame aɖeke menya be Yonatan yi o. 4 Hafi Yonatan naɖo Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la, ele nɛ be wòato mɔ xaxɛ aɖe si to agakpe eve dome la dzi. Woyɔa agakpe ɖeka be Bozez eye woyɔa evelia be Sene. 5 Agakpe anyiehetɔ nɔ Mikmas ŋgɔ eye dziehetɔ nɔ Geba ŋgɔ. 6 Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!” 7 Adekplɔvi la gblɔ be, “Yoo, wɔ nu si nyo na wò; mele yowòme sesĩe.” 8 Yonatan gblɔ nɛ be, “Enyo, nu si míawɔ enye 9 ne futɔwo kpɔ mí eye wogblɔ be, ‘Mitɔ ɖe afi ma ne menye nenema o la, míawu mi’ la, ekema míatɔ alala wo. 10 Ke ne wogblɔ be, ‘Milia toa miava wɔ aʋa kpli mí’ la, ekema míawɔ nenema tutututu elabena eyae anye dzesi be Yehowa tsɔ wo de asi na mí.” 11 Esi Filistitɔwo kpɔ wo wogbɔna la, wodo ɣli be, “Mikpɔ ɖa, Israelviwo le dodom le woƒe dowo me!” 12 Wodo ɣli na Yonatan be, “Lia toa nàva kpɔ nane ɖa.” Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Lia toa eye nànɔ yonyeme tututu elabena Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi!” 13 Ale wota le asi kple klo dzi yi wo gbɔ, kasia Filistitɔwo de asi sisi me esi Yonatan kple eƒe adekplɔvi la de asi wo wuwu me. 14 Wowu wo dometɔ blaeve eye ame kukuawo kaka ɖe teƒe si de agbleka afã. 15 Nu sia na Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo kple nuhalawo sia vɔ̃ eye wotɔtɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la anyigba ʋuʋu sesĩe eye vɔvɔ̃ gaɖo futɔwo wu tsã elabena ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ. 16 Saul ƒe gbetakpɔlawo le Benyamin ƒe Gibea kpɔ nu wɔnuku aɖe: wokpɔ Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ sisim tso afii yi afi mɛ. 17 Saul gblɔ na eƒe amewo be, “Mikpɔe ɖa be ame kae mele afi sia o.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi menɔ wo dome o. 18 Saul do ɣli gblɔ na Ahiya be, “Mitsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ!” nubablaɖaka la nɔ Israelviwo dome ɣe ma ɣi. 19 Ke esi Saul nɔ nu ƒom na nunɔlaa la, Filistitɔwo ƒe ɣlidodo kple ʋunyaʋunyawɔwɔ le woƒe asaɖa me nɔ dzi dem ɖe edzi. Saul gblɔ be, “Netsɔ! Nya kae Yehowa gblɔ?” 20 Saul kple eƒe ame alafa adeawo zɔ ɖe Filistitɔwo dzi. Wokpɔ be wonɔ wo nɔewo wum ko nyamanyama. 21 Hebritɔ siwo nɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ me tsã la, dze aglã eye wodzo va de Israelvi siwo le Saul kple Yonatan ŋu la dzi. 22 Mlɔeba la, esi Israelvi siwo ɣla wo ɖokuiwo ɖe Efraim toawo dzi la kpɔ be Filistitɔwo nɔ sisim la, woawo hã va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu wonya Filistitɔwo ɖe du nu. 23 Ale Yehowa ɖe Israel gbe ma gbe eye wowɔ aʋa la dze le Bet Aven ŋu. 24 Ale Israelviwo ɖo xaxa gã aɖe me gbe ma gbe elabena Saul bla ameawo kple atam be, “Fiƒode ava ame si aɖu nu hafi fiẽ naɖo la dzi eye ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu o, va se ɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo!” Ale ame aɖeke meɖu nu la aʋakɔ me gbe ma gbe o. 25 Aʋakɔ blibo la ge ɖe ave la me eye wokpɔ anyitsi le anyigba. 26 Esi wole avea me la, wokpɔ anyitsi wole dzidzim gake ame aɖeke mede asi eme ɖuɖɔ o, elabena wovɔ̃ Saul ƒe atam si wòka la. 27 Ke Yonatan ya mese se si fofoa de o eya ta wòtsɔ eƒe atikplɔ tɔ anyitsia me heno eye ŋusẽ gaɖo eŋu. 28 Ke ame aɖe gblɔ nɛ be fofoa, Saul, ƒo fi de ame sia ame si aɖu nane gbe ma gbe la, evɔ dɔwuame na ame sia ame gbɔdzɔ hafi. 29 Yonatan gblɔ be, “Se sesẽ kae nye esi fofonye de na ameawo? Se sia agblẽ nu le mía ŋu boŋ. Mikpɔ ale si ŋusẽ ɖo menye esi meno anyitsi sue sia ɖa! 30 Nenye ɖe woɖe mɔ be ameawo naɖu nu si wokpɔ le futɔwo dome la, anye ne míagate ŋu awu futɔ gbogbo aɖewo wu esia gɔ̃ hã.” 31 Ke wotsɔ dɔwuame nya Filistitɔwo eye wowu wo tso Mikmas yi Aiyalon ke, le esime woƒe ɖeɖiteameŋu nu ganɔ sesẽm ɖe edzi. 32 Gbe ma gbe fiẽ la, wowu alẽ, nyi kple nyivi siwo woha le aʋa la me eye woɖu woƒe lã kple ʋua katã nenema. 33 Ame aɖe gblɔ nya si dzɔ la na Saul be ameawo nɔ nu vɔ̃ wɔm ɖe Yehowa ŋu to nuɖuɖu me. Saul gblɔ be, “Nu sia mesɔ kura o! Mimli kpe gã aɖe vɛ nam 34 eye miagblɔ na ameawo be woahe nyiawo kple alẽwo ava wu le afi sia eye woatsyɔ ʋu le wo me ale be womawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu to ʋuɖuɖu me o.” Ale ame ɖe sia ɖe kplɔ eƒe nyi ɖe asi yi le zã ma me eye wowu wo le afi ma. 35 Saul ɖi eƒe vɔsamlekpui gbãtɔ na Yehowa. 36 Le esia megbe la, Saul gblɔ be, “Mina míanya Filistitɔwo to zã blibo la me eye míawu ame siwo susɔ la dometɔ ɖe sia ɖe.” Ameawo lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; wɔ nu sia nu si dze ŋuwò.” Ke nunɔla la gblɔ be, “Mina míabia Mawu gbã.” 37 Ale Saul bia Mawu be, “Ɖe míayi Filistitɔwo nyanya dzia? Ɖe nàkpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzia?” Ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu le zã blibo la me o. 38 Ale Saul gblɔ na kplɔlawo be, “Ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu, ele be míadze si nu vɔ̃ si míewɔ egbe. 39 Mele atam kam na Mawu ame si ɖe Israel dukɔ la be, nenye nye ŋutɔ vinye, Yonatan kurae wɔ nu vɔ̃ sia hã la aku kokoko.” Ke womekpɔ ame si wɔ nu vɔ̃ la o. 40 Tete Saul gblɔ na Israelviwo katã be, “Mitsi tsitre ɖe afi ma ke nye kple vinye Yonatan míatsi tsitre ɖe afii.” Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu sia nu si ke nyo na wo.” 41 Ale Saul do gbe ɖa na Yehowa, Israel ƒe Mawu la be. “Nu ka ŋuti mètɔ na wò dɔla egbea o? Ne vodada la le menye alo vinye, Yonatan me la, ekema ɖo eŋu na mí to Urim dzi, gake nenye Israelviwo mee agɔdzedze la le la, tɔ na mí to Tumim dzi.” Ale wodzidze nu ɖe Yonatan kple Saul dzi eye wòdze wo dzi ale womebu fɔ ameawo o. 42 Azɔ Saul gblɔ be, “Midzidze nu ɖe nye kple Yonatan dzi.” Esi woagadzidze nua la, edze Yonatan dzi. 43 Saul gblɔ na Yonatan be, “Vinye, nu kae nèwɔ?” Yonatan gblɔ be, “Meɖɔ anyitsi sue aɖe kpɔ, sue aɖe si nɔ nye atikplɔ ŋu koe meɖuɖɔ, ke azɔ la medze na ku.” 44 Saul gblɔ be, “Ɛ̃, Yonatan, ele be nàku, Mawu neƒom ƒu anyi maku ne womewu wò ɖe nu sia ta o.” 45 Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan. 46 Saul na aʋawɔlawo gbugbɔ eye Filistitɔwo trɔ yi aƒe. 47 Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie. 48 Ewɔ aʋa kalẽtɔe, ɖu Amalekitɔwo dzi eye wòɖe Israel tso ame siwo katã ha wo la si me. 49 Viŋutsu etɔ̃, Yonatan, Isvi kple Malki Sua kple vinyɔnu eve, Merab kple Mixal nɔ Saul si. 50 Saul srɔ̃e nye Ahinoam, Ahimaaz vinyɔnu. Eƒe aʋafiae nye Abner, etɔɖia Ner viŋutsu 51 Saul fofo, Kis kple Abner fofo, Ner wonye Abiel viŋutsuwo. 52 Israel wɔ aʋa kple Filistitɔwo edziedzi le Saul ƒe agbenɔɣi. Ne Saul kpɔ ɖekakpui sesẽ kalẽtɔ aɖe ko la, ehenɛ dea eƒe aʋakɔ la me.

< Samuel 1 14 >