< Fiawo 1 8 >

1 Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe.
Then Solomon summoned before him in Jerusalem the elders of Israel, including all the heads of the tribes and the family leaders of the Israelites. He instructed them to bring up with them the Ark of the Lord's Agreement from Zion, the City of David.
2 Tete Israel ŋutsuwo katã kpe ta ɖe Fia Solomo gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.
All the men of Israel assembled before King Solomon at the festival which is held in the seventh month, the month of Ethanim.
3 Esi Israelviwo ƒe ametsitsiawo katã va ɖo la, nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la.
When all the elders of Israel had gathered, the priests picked up the Ark and brought the Ark of the Lord and the Tent of Meeting with all its holy items.
4 Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple takpeƒe ƒe agbadɔ la kple nu kɔkɔe siwo katã le eme. Nunɔlawo kple Levitɔwoe tsɔ wo.
The priests and Levites carried them up.
5 Fia Solomo kple Israelviwo katã ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu axlẽ o la sa vɔe.
In front of the Ark, King Solomon and all the congregation of Israel who had gathered there with him sacrificed many, many sheep and bulls—so numerous they couldn't be counted!
6 Le esia megbe la, nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te.
Then the priests carried the Ark of the Lord's Agreement to its place in the inner sanctuary of the Temple, the Most Holy Place, underneath the wings of the cherubim.
7 Wowɔ kerubiawo ale be woƒe aʋalawo tsyɔ teƒe si woada nubablaɖaka la ɖo la dzi. Ale woƒe aʋalawo tsyɔ nubablaɖaka la kple kpo siwo wowɔ ɖe wo ŋu la dzi.
The cherubim spread their wings over the place where the Ark was, covering the Ark and its carrying poles.
8 Kpoawo didi ale gbegbe be woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe.
The poles were so long that the ends could be seen from the Holy Place in front of the inner sanctuary, but not from outside. They are there to this day.
9 Naneke menɔ nubablaɖaka la me ɣe ma ɣi o, negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de wo me le Horeb to la dzi esime Yehowa bla nu kple Israelviwo le woƒe dzodzo le Egipte megbe la ko.
There was nothing in the Ark apart from the two tablets of stone that Moses had placed in it at Horeb, where the Lord had made an agreement with the Israelites after they came out of the land of Egypt.
10 Kpɔ ɖa! Esi nunɔlaawo trɔ tso Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔna ko la, lilikpo keklẽ aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me taŋtaŋ!
When the priests left the Holy Place, the cloud filled the Temple of the Lord.
11 Nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.
Due to the cloud, the priests could not stay there to carry out their service, for the glory of the Lord had filled the Lord's Temple.
12 Fia Solomo gblɔ be “Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo doviviti aɖe me.
Then Solomon said: “Lord, you said that you would live in the thick cloud.
13 Metu gbedoxɔ nyui aɖe na wò, si me nànɔ tegbee.”
Now I have built for you a majestic Temple, a place where you may live for ever.”
14 Tete Fia la trɔ ɖe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre ɖe eŋkume be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo.
The king turned around to the whole assembly of Israel who were standing there, and blessed them,
15 Egblɔ bena, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si tsɔ eƒe asi wɔ ŋugbe si wòdo kple eƒe nu na fofonye, David dzi egbe
saying, “Praise the Lord, the God of Israel, who by his own power has fulfilled the promise he made to my father David when he said,
16 elabena Yehowa gblɔ na Fia David be, ‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel toawo katã me be woatu gbedoxɔ nam ɖe afi ma be nye ŋkɔ nanɔ eme o. Ke metia David be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.’
‘Since the day I brought my people Israel out of Egypt I have not chosen any town of the tribes of Israel as the place to build a Temple to honor me. But I have chosen David as king over my people Israel.’
17 “Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ.
My father David really wanted to build a Temple to honor the Lord, the God of Israel.
18 Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, ‘Esi nèɖoe ɖe wò dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe wò dzi me.
But the Lord told my father David, ‘You had the desire to build a Temple to honor me, and it was good that you really wanted to do this.
19 Ke, menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’
But it won't be you who will build this Temple, but your son who is to be born to you—he will build the Temple to honor me.'
20 “Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu Israel fia ɖe fofonye David yome eye azɔ la, metu gbedoxɔ sia na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ.
Now the Lord has kept his promise that he made. I have succeeded my father David, and I sit on the throne of Israel, just as the Lord promised. I have built the Temple to honor the Lord, the God of Israel.
21 Mewɔ teƒe aɖe ɖe gbedoxɔ la me na nubablaɖaka la si me nubabla si Yehowa wɔ kple mía fofowo esime wòkplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la le.”
I have provided a place there for the Ark, which contains the agreement of the Lord that he made with our forefathers when he led them out of the land of Egypt.”
22 Azɔ Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo
Then Solomon stood in front of the altar of the Lord before the whole assembly of Israel and held out his hands toward heaven.
23 eye wògblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo.
He said, “Lord, God of Israel, there is no God like you in heaven above or on earth below. You keep you agreement of trustworthy love with your servants, those who are totally committed to following you.
24 Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye David, ame si nye wò subɔla la dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene.
You have kept the promise you made to your servant David, my father. You yourself promised, and by your own power you have fulfilled it today.
25 “Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ la hã dzi. Èdo ŋugbe be, ne fofonye ƒe dzidzimeviwo alé wò mɔwo me ɖe asi eye woawɔ wò lɔlɔ̃nu abe ale si eya wɔ ene la, ekema wo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi.
So now, Lord, God of Israel, please also keep the promise you made to your servant, my father David, when you said: ‘You will never fail to have a descendant sit in my presence on the throne of Israel, as long as they make sure to follow me as you have done.’
26 Ke azɔ la, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David, fofonye la hã dzi.
Now, God of Israel, please keep the promise you made to our servant, my father David.
27 “Ke, ɖe Mawu ate ŋu anɔ anyigba dzia? Dziƒowo kple dziƒo kɔkɔtɔwo kekeake hã melolo na wò, hafi gbedoxɔ sia nasu na wò o!
But will God really live here on earth? The heavens, even highest heaven, cannot contain you, much less this Temple I have built!
28 Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wò dɔla le dodom ɖa na wò egbe.
Please hear the prayer of your servant and his request, Lord my God. Please hear the appeals and the prayers that your servant is presenting before you today.
29 Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be ‘Nye ŋkɔ anɔ afi ma’ ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia.
May you watch over this Temple day and night, caring for the place where you said you would be honored. May you hear the prayer your servant prays toward this place,
30 Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ɛ̃, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake.
and may you hear the request of your servant and your people Israel when they pray toward this place. Please hear from heaven where you live. May you hear and forgive.
31 “Ne wotsɔ nya ɖe ame aɖe ŋu be ewɔ nu vɔ̃ aɖe eye wòtsi tsitre ɖe afi sia, le wò vɔsamlekpui la ŋgɔ heka atam be yemewɔ nu vɔ̃ la o la,
When someone sins against another and is required to take an oath before your altar in this Temple,
32 ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu.
listen from heaven—act and judge your servants. Pay back the guilty; vindicate and reward those who do right.
33 “Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la,
When your people Israel are defeated by an enemy because they have sinned against you, and if they come back in repentance to you, praying for forgiveness in this Temple,
34 ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi.
then hear from heaven and forgive the sin of your people Israel, and bring them back to the land you gave to them and their forefathers.
35 “Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la,
If the skies are closed shut and there is no rain because your people have sinned against you, if they pray toward this place and if they come back in repentance to you, turning away from their sin because you have punished them,
36 ekema se woƒe kokoƒoƒo tso dziƒo eye nàtsɔ wò subɔlawo, wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔ wo eye nàna tsi nadza ɖe anyigba si nèna wo abe woƒe domenyinu ene la dzi.
then hear from heaven and forgive the sin of your servants, your people Israel. Teach them the good way so that they can walk on it, and send rain on the earth that you have given to your people as their possession.
37 “Ne dɔ to le anyigba la dzi to dɔléle ƒe agblemenukuwo dzi dzedze alo ʋetsuviwo ƒe vava me, ne Israel ƒe futɔwo ɖe to ɖe Israel ƒe duwo dometɔ aɖe eye ne dɔvɔ̃ to le anyigba la dzi alo ne nu bubu ɖe sia ɖe na dɔ to le anyigba la dzi,
If there is famine in the land, or disease, or blight or mildew on the crops, or if there are locusts or caterpillars, or if an enemy comes to lay siege to the towns in the land—it can be whatever kind of plague or whatever kind of disease—
38 ne wò dukɔ Israel ƒe amewo ƒo koko na wò, wo dometɔ ɖe sia ɖe dze si eya ŋutɔ ƒe dzi ƒe fuɖenamewo eye wòdo eƒe asiwo ɖe dzi do ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la,
then whatever kind of prayer or whatever kind of appeal is made by anyone or all your people Israel, in fact anyone who, knowing their problems and pains, prays toward this Temple,
39 ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàkpe ɖe ame sia ame si ʋu eƒe nu vɔ̃ me na wò le nyateƒe me la ŋu elabena ènya ame siawo ƒe dzi me.
then hear from heaven, the place where you live, and forgive. Give according to the way they live their lives, for you know what people are really like inside, and you alone know the true character of people.
40 Ale woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ wòe esi wole anyigba si nèna wo fofowo la dzi.
Then they will respect you and follow your ways all the time they live in the land you gave to our forefathers.
41 “Amedzro si metso wò dukɔ, Israel me o, ke wòtso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ ta,
As for the foreigners who do not belong to your people Israel but who come from a distant land,
42 elabena amewo ase nu tso wò ŋkɔ gã la, wò asi sesẽ la kple wò alɔ si nèdo ɖe dzi la ta, ne amedzro sia va eye wòdo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la,
having heard of your great nature and power and ability to help, when they come and pray toward this Temple,
43 ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe.
then hear from heaven, the place where you live, and give them what they're asking. That way, everyone on earth will come to know and respect you, just as your own people Israel do. They will also know that this Temple I have built is dedicated to you.
44 “Ne èna wò amewo ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu eye wotrɔ mo ɖo ɖe Yerusalem, wò du tiatia la kple gbedoxɔ sia, si metu na wò ŋkɔ la,
When your people go to fight against their enemies, wherever you send them, and when they pray to you towards the city you have chosen and the house I have built to honor you,
45 se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo.
then hear from heaven what they are praying and asking for, and support their cause.
46 “Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si ame sia ame wɔa nu vɔ̃ ene, nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu eye nèna woƒe futɔwo ɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, didiƒe alo kpuiƒe
If they sin against you—and there is nobody who does not sin—you may become angry with them and hand them over to an enemy who takes them away as prisoners to a foreign land, near or far away.
47 eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ dzi me heƒo koko le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’
But if they think again in their land of captivity and repent and plead for mercy from you, saying, ‘We have sinned, we have done wrong, we have acted wickedly,’
48 eye ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le ame siwo ɖe aboyo wo ƒe anyigba dzi eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nèna wo fofowo gbɔ, ɖo ɖe du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ gbɔ la,
and they come back to you with complete sincerity in their thoughts and attitudes there in their land of captivity; and they pray towards the land you gave their forefathers, the city you chose, and the Temple I have built to honor you,
49 ekema nàse woƒe gbedodoɖa kple kukuɖeɖe le dziƒo, wò nɔƒe eye nàwɔ woƒe biabiawo dzi na wo.
then hear from heaven, the place where you live, respond and support their cause.
50 “Tsɔ wò amewo ƒe nu vɔ̃wo katã ke wo eye nàna ame siwo ɖe aboyo wo la nakpɔ nublanui na wo
Forgive your people who have sinned against you, all the rebellious acts they have committed against you. Please make those who have captured them show mercy to them.
51 elabena wò amewoe wonye, wò domenyinu si nèɖe tso Egiptetɔwo ƒe kpodzo mee wonye.
For they are your people—they belong to you! You led them out of Egypt, out of the middle of furnace used for smelting iron.
52 “Na wò ŋkuwo kple towo siaa naʋu ɖe woƒe kukuɖeɖewo ŋu. Oo, Yehowa, se woƒe gbedodoɖawo eye nàwɔ woƒe biabiawo dzi na wo ɣe sia ɣi si woado ɣli na wò
May you pay attention to the requests of your servant, and to the requests of your people Israel, and may you respond whenever they call out to you.
53 elabena ètia wo le anyigbadzidukɔwo katã dome be woanye wò domenyinu, abe ale si nègblɔ to wò dɔla Mose dzi ene esi nèkplɔ mía fofowo tso Egipte, Oo Aƒetɔ Yehowa.”
For you set them apart from all the nations of the world as a people who belonged to you, just as you declared through your servant Moses when you led our fathers out of Egypt.”
54 Esi Solomo wu gbedodoɖa siawo katã na Yehowa nu la, etsi tsitre tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ afi si wòdze klo ɖo heke eƒe abɔwo me ɖo ɖe dziƒo.
After Solomon finished praying all these prayers and requests to the Lord, he stood up before the altar of the Lord, where he had been kneeling with his hands held out toward heaven.
55 Etsi tsitre eye wòyra Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la kple gbe sesẽ aɖe hegblɔ be,
Solomon stood, and in a loud voice he blessed the whole assembly of Israel, saying,
56 “Woakafu Yehowa, ame si wɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi eye wòna ŋutifafa eƒe dukɔ, Israel. Nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe emevava le ŋugbe siwo wòdo to Mose dzi la me o.
“Praise the Lord, who has given rest to his people Israel in accordance with everything he promised. Not a single word has failed among all the good promises he made through his servant Moses.
57 Yehowa, míaƒe Mawu la nanɔ kpli mí abe ale si wònɔ kple mía fofowo eye megblẽ mí ɖi gbeɖegbeɖe o la ene.
May the Lord our God be with us in the same way he was with our forefathers. May he never leave us or abandon us.
58 Eya ŋutɔ nanyɔ didi le mía me be, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me eye míawɔ eƒe se kple ɖoɖo siwo wòna mía tɔgbuiwo la dzi.
May he help us to come to him, to follow all his ways and to keep the commandments, statutes, and regulations he ordered our forefathers to observe.
59 Yehowa, míaƒe Mawu la nena nye gbedodoɖa sia me nyawo nanɔ eƒe ŋkume zã kple keli ale be wòakpe ɖe nye kple Israel blibo la ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo me.
May these words of mine I have used to make my request in the Lord's presence be before the Lord our God day and night. In that way he may support the cause of his servant and of his people Israel as is needed every day,
60 Wòana wòava eme be anyigbadzitɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu eye mawu bubu aɖeke kura megali o.
in order that everyone on the earth may know that the Lord is God, and that there is no other!
61 Oo, nye amewo, mianɔ agbe dzadzɛ, le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume, miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo katã dzi, abe ale si miele ewɔm egbe ene la ko!”
So make sure you are completely committed to the Lord our God just as you are today, and be careful to follow his statutes and to keep his commandments.”
62 Azɔ la, Fia Solomo kple Israel blibo la sa vɔwo le Yehowa ŋkume.
Then the king and together with all of Israel offered sacrifices before the Lord.
63 Solomo sa akpedavɔ na Yehowa kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve kple alẽ kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve. Ale Fia la kple Israelviwo katã kɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu.
Solomon presented as friendship offerings to the Lord 22,000 bulls and 120,000 sheep. In this way the king and all the people of Israel dedicated the Lord's Temple.
64 Gbe ma gbe ke la, fia la kɔ xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si le Yehowa ŋkume la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔsawo ƒe ami.
On that same day, the king dedicated the center of the courtyard in front of the Lord's Temple. There he presented burnt offerings, grain offerings, and the fat of the friendship offerings, since the bronze altar in the Lord's presence was too small to hold all these offerings.
65 Ale Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Woɖu ŋkeke sia le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ŋkeke adre eye wogaɖui ŋkeke adre bubu. Wo katã le ŋkeke wuiene.
Then Solomon together with all of Israel observed the festival before the Lord our God for seven days, and then another seven days—fourteen days in all. It was a large assembly of people, who came from as far away as Lebo-hamath to the Wadi of Egypt.
66 Esi ŋu ke la, edo mɔ ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta.
One day later Solomon sent the people home. They blessed the king and went home, full of joy and happy for all the good things that the Lord had done for his servant David and for his people Israel.

< Fiawo 1 8 >