< Revelation 3 >

1 “And to the angel of the assembly in Sardis write: “He who has the seven Spirits of God and the seven stars says these things: “I know your works, that you have a reputation of being alive, but you are dead.
“Ŋlɔ agbalẽ na Sardis hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo; wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake èku
2 Wake up and strengthen the things that remain, which you were about to throw away, for I have found no works of yours perfected before my God.
Nyɔ! Do ŋusẽ nu siwo susɔ, eye wole kumɔ dzi la, elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu ŋkume o,
3 Remember therefore how you have received and heard. Keep it and repent. If therefore you won’t watch, I will come as a thief, and you won’t know what hour I will come upon you.
eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ, eye nèse la dzi; wɔ edzi, eye nàtrɔ dzi me. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene, eye mànya ga si me mava gbɔwò o.
4 Nevertheless you have a few names in Sardis that didn’t defile their garments. They will walk with me in white, for they are worthy.
Ke hã la, ame ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim, eye woanɔ awu ɣiwo me, elabena wodze nɛ.
5 He who overcomes will be arrayed in white garments, and I will in no way blot his name out of the book of life, and I will confess his name before my Father, and before his angels.
Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume.
6 He who has an ear, let him hear what the Spirit says to the assemblies.
Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
7 “To the angel of the assembly in Philadelphia write: “He who is holy, he who is true, he who has the key of David, he who opens and no one can shut, and who shuts and no one opens, says these things:
“Ŋlɔ agbalẽ na Filadelfia hamea ƒe mawudɔla be, Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ, eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.
8 “I know your works (behold, I have set before you an open door, which no one can shut), that you have a little power, and kept my word, and didn’t deny my name.
Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔ si le ʋuʋu si ame aɖeke mate ŋu atu o la ɖo ŋkuwòme. Menya be wò ŋusẽ le sue, ke hã la, èlé nye nya me ɖe asi, eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o.
9 Behold, I make some of the synagogue of Satan, of those who say they are Jews, and they are not, but lie—behold, I will make them to come and worship before your feet, and to know that I have loved you.
Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la ava de ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò.
10 Because you kept my command to endure, I also will keep you from the hour of testing which is to come on the whole world, to test those who dwell on the earth.
Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me.
11 I am coming quickly! Hold firmly that which you have, so that no one takes your crown.
Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o.
12 He who overcomes, I will make him a pillar in the temple of my God, and he will go out from there no more. I will write on him the name of my God and the name of the city of my God, the new Jerusalem, which comes down out of heaven from my God, and my own new name.
Ame si aɖu dzi la, mawɔe wòazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado go akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu, eye wòazu dumevi, atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeye la me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye ŋkɔ yeye la ɖe ame sia ŋu.
13 He who has an ear, let him hear what the Spirit says to the assemblies.
Ame sia ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
14 “To the angel of the assembly in Laodicea write: “The Amen, the Faithful and True Witness, the Beginning of God’s creation, says these things:
“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.
15 “I know your works, that you are neither cold nor hot. I wish you were cold or hot.
Menya wò nyuie be mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o. Madi be nàfa alo nàxɔ dzo hafi!
16 So, because you are lukewarm, and neither hot nor cold, I will vomit you out of my mouth.
Ke esi nèle evedome si alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me!
17 Because you say, ‘I am rich, and have gotten riches, and have need of nothing,’ and don’t know that you are the wretched one, miserable, poor, blind, and naked;
Ègblɔ be, ‘Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!’ Ke mènyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ, eye yele amama o.
18 I counsel you to buy from me gold refined by fire, that you may become rich; and white garments, that you may clothe yourself, and that the shame of your nakedness may not be revealed; and eye salve to anoint your eyes, that you may see.
Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ si ŋu wokɔ kple dzo la le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye, ale be màganɔ amama, eye ŋu nakpe wò o. Kpe ɖe esia ŋu la, nàƒle ŋkutike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu, eye nàgakpɔ nu.
19 As many as I love, I reprove and chasten. Be zealous therefore, and repent.
Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.
20 Behold, I stand at the door and knock. If anyone hears my voice and opens the door, then I will come in to him and will dine with him, and he with me.
Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae.
21 He who overcomes, I will give to him to sit down with me on my throne, as I also overcame and sat down with my Father on his throne.
Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.
22 He who has an ear, let him hear what the Spirit says to the assemblies.”
Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.”

< Revelation 3 >