< Nehemiah 9 >

1 Now in the twenty-fourth day of this month the children of Israel were assembled with fasting, with sackcloth, and dirt on them.
Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.
2 The offspring of Israel separated themselves from all foreigners and stood and confessed their sins and the iniquities of their fathers.
Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me.
3 They stood up in their place, and read in the book of the law of Yahweh their God a fourth part of the day; and a fourth part they confessed and worshiped Yahweh their God.
Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.
4 Then Jeshua, Bani, Kadmiel, Shebaniah, Bunni, Sherebiah, Bani, and Chenani of the Levites stood up on the stairs, and cried with a loud voice to Yahweh their God.
Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani.
5 Then the Levites, Jeshua, and Kadmiel, Bani, Hashabneiah, Sherebiah, Hodiah, Shebaniah, and Pethahiah, said, “Stand up and bless Yahweh your God from everlasting to everlasting! Blessed be your glorious name, which is exalted above all blessing and praise!
Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia.
6 You are Yahweh, even you alone. You have made heaven, the heaven of heavens, with all their army, the earth and all things that are on it, the seas and all that is in them, and you preserve them all. The army of heaven worships you.
Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna.
7 You are Yahweh, the God who chose Abram, brought him out of Ur of the Chaldees, gave him the name of Abraham,
“Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham.
8 found his heart faithful before you, and made a covenant with him to give the land of the Canaanite, the Hittite, the Amorite, the Perizzite, the Jebusite, and the Girgashite, to give it to his offspring, and have performed your words, for you are righteous.
Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla.
9 “You saw the affliction of our fathers in Egypt, and heard their cry by the Red Sea,
“Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe kple nuxaxa le Egipte, eye nèse woƒe ɣlidodo tso Ƒu Dzĩ la to.
10 and showed signs and wonders against Pharaoh, against all his servants, and against all the people of his land, for you knew that they dealt proudly against them, and made a name for yourself, as it is today.
Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta.
11 You divided the sea before them, so that they went through the middle of the sea on the dry land; and you cast their pursuers into the depths, as a stone into the mighty waters.
Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me.
12 Moreover, in a pillar of cloud you led them by day; and in a pillar of fire by night, to give them light in the way in which they should go.
Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ.
13 “You also came down on Mount Sinai, and spoke with them from heaven, and gave them right ordinances and true laws, good statutes and commandments,
“Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo.
14 and made known to them your holy Sabbath, and commanded them commandments, statutes, and a law, by Moses your servant,
Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi.
15 and gave them bread from the sky for their hunger, and brought water out of the rock for them for their thirst, and commanded them that they should go in to possess the land which you had sworn to give them.
“Esi dɔ wu wo la, èna nuɖuɖu wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo tso agakpe la me. Èɖe gbe na wo be woayi aɖaxɔ anyigba si nèka atam be yeana wo.
16 “But they and our fathers behaved proudly, hardened their neck, didn’t listen to your commandments,
Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo.
17 and refused to obey. They weren’t mindful of your wonders that you did among them, but hardened their neck, and in their rebellion appointed a captain to return to their bondage. But you are a God ready to pardon, gracious and merciful, slow to anger, and abundant in loving kindness, and didn’t forsake them.
“Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o,
18 Yes, when they had made themselves a molded calf, and said, ‘This is your God who brought you up out of Egypt,’ and had committed awful blasphemies,
togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu,
19 yet you in your manifold mercies didn’t forsake them in the wilderness. The pillar of cloud didn’t depart from over them by day, to lead them in the way; neither did the pillar of fire by night, to show them light, and the way in which they should go.
ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me.
20 You gave also your good Spirit to instruct them, and didn’t withhold your manna from their mouth, and gave them water for their thirst.
Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o.
21 “Yes, forty years you sustained them in the wilderness. They lacked nothing. Their clothes didn’t grow old, and their feet didn’t swell.
Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o!
22 Moreover you gave them kingdoms and peoples, which you allotted according to their portions. So they possessed the land of Sihon, even the land of the king of Heshbon, and the land of Og king of Bashan.
“Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo.
23 You also multiplied their children as the stars of the sky, and brought them into the land concerning which you said to their fathers that they should go in to possess it.
Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi.
24 “So the children went in and possessed the land; and you subdued before them the inhabitants of the land, the Canaanites, and gave them into their hands, with their kings and the peoples of the land, that they might do with them as they pleased.
Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo!
25 They took fortified cities and a rich land, and possessed houses full of all good things, cisterns dug out, vineyards, olive groves, and fruit trees in abundance. So they ate, were filled, became fat, and delighted themselves in your great goodness.
Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi.
26 “Nevertheless they were disobedient and rebelled against you, cast your law behind their back, killed your prophets that testified against them to turn them again to you, and they committed awful blasphemies.
“Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo.
27 Therefore you delivered them into the hand of their adversaries, who distressed them. In the time of their trouble, when they cried to you, you heard from heaven; and according to your manifold mercies you gave them saviors who saved them out of the hands of their adversaries.
Ale nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Ke le woƒe xaxaɣiwo me la, wodo ɣli na wò, èse woƒe ɣlidodo tso dziƒo, eye le wò amenuveve ta la, èɖo amewo ɖa be woaɖe wo tso woƒe futɔwo ƒe
28 But after they had rest, they did evil again before you; therefore you left them in the hands of their enemies, so that they had the dominion over them; yet when they returned and cried to you, you heard from heaven; and many times you delivered them according to your mercies,
“Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me!
29 and testified against them, that you might bring them again to your law. Yet they were arrogant, and didn’t listen to your commandments, but sinned against your ordinances (which if a man does, he shall live in them), turned their backs, stiffened their neck, and would not hear.
Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.
30 Yet many years you put up with them, and testified against them by your Spirit through your prophets. Yet they would not listen. Therefore you gave them into the hand of the peoples of the lands.
Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi.
31 “Nevertheless in your manifold mercies you didn’t make a full end of them, nor forsake them; for you are a gracious and merciful God.
Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye!
32 Now therefore, our God, the great, the mighty, and the awesome God, who keeps covenant and loving kindness, don’t let all the travail seem little before you that has come on us, on our kings, on our princes, on our priests, on our prophets, on our fathers, and on all your people, since the time of the kings of Assyria to this day.
“Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe.
33 However you are just in all that has come on us; for you have dealt truly, but we have done wickedly.
Tɔwò dzɔ ɣe sia ɣi si nèhe to na mí. Míewɔ nu vɔ̃ ale gbegbe be nu si dze mí la koe nèwɔ mí.
34 Also our kings, our princes, our priests, and our fathers have not kept your law, nor listened to your commandments and your testimonies with which you testified against them.
Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o.
35 For they have not served you in their kingdom, and in your great goodness that you gave them, and in the large and rich land which you gave before them. They didn’t turn from their wicked works.
Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.
36 “Behold, we are servants today, and as for the land that you gave to our fathers to eat its fruit and its good, behold, we are servants in it.
“Ale míeganye kluviwo le afii, le anyigba si dzi nu nyuiwo bɔ ɖo fũu la dzi! Míeganye kluviwo le nu nyui gbogbo siawo dome!
37 It yields much increase to the kings whom you have set over us because of our sins. Also they have power over our bodies and over our livestock, at their pleasure, and we are in great distress.
Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.”
38 Yet for all this, we make a sure covenant, and write it; and our princes, our Levites, and our priests, seal it.”
“Le esiawo katã ta la, míegale ŋugbe dom be míasubɔ Aƒetɔ la, eya ta mí kple míaƒe dumegãwo kple Levitɔwo kple nunɔlawo míele asi dem nubabla sia te.”

< Nehemiah 9 >