< Luke 17 >

1 He said to the disciples, “It is impossible that no occasions of stumbling should come, but woe to him through whom they come!
Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ nu vɔ̃, gake baba na ame si dzi wòato ava.”
2 It would be better for him if a millstone were hung around his neck, and he were thrown into the sea, rather than that he should cause one of these little ones to stumble.
Anyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃.
3 Be careful. If your brother sins against you, rebuke him. If he repents, forgive him.
Eya ta minɔ ŋudzɔ. “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ, eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee.
4 If he sins against you seven times in the day, and seven times returns, saying, ‘I repent,’ you shall forgive him.”
Ne eda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòva zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me,’ la, ekema tsɔe kee.”
5 The apostles said to the Lord, “Increase our faith.”
Le ɣe bubu ɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.”
6 The Lord said, “If you had faith like a grain of mustard seed, you would tell this sycamore tree, ‘Be uprooted and be planted in the sea,’ and it would obey you.
Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.
7 But who is there among you, having a servant plowing or keeping sheep, that will say when he comes in from the field, ‘Come immediately and sit down at the table’?
“Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’?
8 Wouldn’t he rather tell him, ‘Prepare my supper, clothe yourself properly, and serve me while I eat and drink. Afterward you shall eat and drink’?
Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo, eye nàva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu, eye mano nu, le esia megbe wò hã nàɖu nu ano nu oa’?
9 Does he thank that servant because he did the things that were commanded? I think not.
Ɖe wòada akpe na dɔla la, elabena ewɔ nu si wògblɔ nɛ be newɔa?
10 Even so you also, when you have done all the things that are commanded you, say, ‘We are unworthy servants. We have done our duty.’”
Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be ele be makafu mi o, elabena miagblɔ be, ‘Dɔla madzemadzewo míenye, míaƒe dɔdeasi ko míewɔ!’”
11 As he was on his way to Jerusalem, he was passing along the borders of Samaria and Galilee.
Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi.
12 As he entered into a certain village, ten men who were lepers met him, who stood at a distance.
Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be,
13 They lifted up their voices, saying, “Jesus, Master, have mercy on us!”
“Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!”
14 When he saw them, he said to them, “Go and show yourselves to the priests.” As they went, they were cleansed.
Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.
15 One of them, when he saw that he was healed, turned back, glorifying God with a loud voice.
Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, “Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ.”
16 He fell on his face at Jesus’ feet, giving him thanks; and he was a Samaritan.
Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o.
17 Jesus answered, “Weren’t the ten cleansed? But where are the nine?
Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe?
18 Were there none found who returned to give glory to God, except this foreigner?”
Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?”
19 Then he said to him, “Get up, and go your way. Your faith has healed you.”
Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò.”
20 Being asked by the Pharisees when God’s Kingdom would come, he answered them, “God’s Kingdom doesn’t come with observation;
Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be ɣe ka ɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge? Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku,
21 neither will they say, ‘Look, here!’ or, ‘Look, there!’ for behold, God’s Kingdom is within you.”
alo woagblɔ be, ‘Edze egɔme tso afi sia’ alo ‘Ele akpa kemɛ o,’ elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.”
22 He said to the disciples, “The days will come when you will desire to see one of the days of the Son of Man, and you will not see it.
Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadi be nye Amegbetɔ Vi la manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o.
23 They will tell you, ‘Look, here!’ or ‘Look, there!’ Don’t go away or follow after them,
Amewo ava gblɔ na mi be, ‘Ele afii!’ alo ‘Ele afi mɛ!’ Migaxɔ wo dzi se o, eye migayi be yewoadim o.
24 for as the lightning, when it flashes out of one part under the sky, shines to another part under the sky, so will the Son of Man be in his day.
“Elabena Amegbetɔ Vi la ƒe tɔtrɔgbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le lilikpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe.
25 But first, he must suffer many things and be rejected by this generation.
Gake gbã la, ele be makpe fu vevie, eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye.
26 As it was in the days of Noah, even so it will also be in the days of the Son of Man.
“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.
27 They ate, they drank, they married, and they were given in marriage until the day that Noah entered into the ship, and the flood came and destroyed them all.
Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem, eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã.
28 Likewise, even as it was in the days of Lot: they ate, they drank, they bought, they sold, they planted, they built;
“Xexea me anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo
29 but in the day that Lot went out from Sodom, it rained fire and sulfur from the sky and destroyed them all.
va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã.
30 It will be the same way in the day that the Son of Man is revealed.
Ɛ̃, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi Amegbetɔ Vi atrɔ gbɔ la naɖo.
31 In that day, he who will be on the housetop and his goods in the house, let him not go down to take them away. Let him who is in the field likewise not turn back.
“Ame siwo anɔ xɔta gbe ma gbe, eye woƒe nuwo nanɔ xɔ me la megatrɔ yi aƒe me be yewoaƒo ƒu yewoƒe nuwo o. Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒe me le dua me o.
32 Remember Lot’s wife!
Miɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Lɔt srɔ̃ dzi!
33 Whoever seeks to save his life loses it, but whoever loses his life preserves it.
Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku, eye ame si aku la atsi agbe.
34 I tell you, in that night there will be two people in one bed. One will be taken and the other will be left.
Le zã ma me la, ame eve amlɔ abati ɖeka dzi, eye woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi.
35 There will be two grinding grain together. One will be taken and the other will be left.”
“Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ evelia ɖi. [
Ame eve lanɔ agble me, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.]”
37 They, answering, asked him, “Where, Lord?” He said to them, “Where the body is, there the vultures will also be gathered together.”
Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ afi kae woakplɔ wo ayi?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Afi si nu kukuwo le la, afi mae akagawo hã nɔna!”

< Luke 17 >