< Acts 25 >

1 Festus therefore, having come into the province, after three days went up to Jerusalem from Caesarea.
Esi Festus dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem.
2 Then the high priest and the principal men of the Jews informed him against Paul, and they begged him,
Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ.
3 asking a favor against him, that he would summon him to Jerusalem, plotting to kill him on the way.
Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui.
4 However Festus answered that Paul should be kept in custody at Caesarea, and that he himself was about to depart shortly.
Festus ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔ me le Kaesarea, eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la,
5 “Let them therefore”, he said, “that are in power among you go down with me, and if there is anything wrong in the man, let them accuse him.”
mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsu la ŋu le afi ma nenye be eda vo aɖe.”
6 When he had stayed among them more than ten days, he went down to Caesarea, and on the next day he sat on the judgment seat, and commanded Paul to be brought.
Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festus trɔ yi Kaesarea, eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.
7 When he had come, the Jews who had come down from Jerusalem stood around him, bringing against him many and grievous charges which they could not prove,
Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o.
8 while he said in his defense, “Neither against the law of the Jews, nor against the temple, nor against Caesar, have I sinned at all.”
Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.”
9 But Festus, desiring to gain favor with the Jews, answered Paul and said, “Are you willing to go up to Jerusalem and be judged by me there concerning these things?”
Ke Festus di vevie be yeave Yudatɔwo nu, eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi ma?”
10 But Paul said, “I am standing before Caesar’s judgment seat, where I ought to be tried. I have done no wrong to the Jews, as you also know very well.
Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene.
11 For if I have done wrong and have committed anything worthy of death, I don’t refuse to die; but if none of those things is true that they accuse me of, no one can give me up to them. I appeal to Caesar!”
Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!”
12 Then Festus, when he had conferred with the council, answered, “You have appealed to Caesar. To Caesar you shall go.”
Nya sia na be Festus trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dalĩ vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ be, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”
13 Now when some days had passed, King Agrippa and Bernice arrived at Caesarea and greeted Festus.
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Fia Agripa kple nɔvia nyɔnu, Benis ɖi tsa va Festus gbɔ le Kaesarea be yewoakpɔe ɖa.
14 As he stayed there many days, Festus laid Paul’s case before the king, saying, “There is a certain man left a prisoner by Felix;
Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe.
15 about whom, when I was at Jerusalem, the chief priests and the elders of the Jews informed me, asking for a sentence against him.
Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ.
16 I answered them that it is not the custom of the Romans to give up any man to destruction before the accused has met the accusers face to face and has had opportunity to make his defense concerning the matter laid against him.
Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.
17 When therefore they had come together here, I didn’t delay, but on the next day sat on the judgment seat and commanded the man to be brought.
“Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afi sia la, meyɔ ʋɔnua, eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae.
18 When the accusers stood up, they brought no charges against him of such things as I supposed;
Esi enutsolawo tsi tsitre be woaƒo nu la, wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o,
19 but had certain questions against him about their own religion and about one Jesus, who was dead, whom Paul affirmed to be alive.
ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku, gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu.
20 Being perplexed how to inquire concerning these things, I asked whether he was willing to go to Jerusalem and there be judged concerning these matters.
Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevie o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã?
21 But when Paul had appealed to be kept for the decision of the emperor, I commanded him to be kept until I could send him to Caesar.”
Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta la, megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”
22 Agrippa said to Festus, “I also would like to hear the man myself.” “Tomorrow,” he said, “you shall hear him.”
Agripa gblɔ na Festus be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festus do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.”
23 So on the next day, when Agrippa and Bernice had come with great pomp, and they had entered into the place of hearing with the commanding officers and the principal men of the city, at the command of Festus, Paul was brought in.
Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.
24 Festus said, “King Agrippa, and all men who are here present with us, you see this man about whom all the multitude of the Jews petitioned me, both at Jerusalem and here, crying that he ought not to live any longer.
Festus ƒo nu na ƒuƒoƒe la be, “Fia Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa la di be woatso kufia na.
25 But when I found that he had committed nothing worthy of death, and as he himself appealed to the emperor, I determined to send him,
Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o.
26 of whom I have no certain thing to write to my lord. Therefore I have brought him out before you, and especially before you, King Agrippa, that, after examination I may have something to write.
Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobii aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevietɔ wò Fia Agripa, be nàbia gbee, eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu.
27 For it seems to me unreasonable, in sending a prisoner, not to also specify the charges against him.”
Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnue le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”

< Acts 25 >