< Matthew 8 >

1 When he was come down from the mountain, great multitudes followed him.
Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo.
2 And, behold, there came a leper and worshipped him, saying, Lord, if thou wilt, thou canst make me clean.
Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”
3 And Jesus put forth [his] hand, and touched him, saying, I will; be thou clean. And immediately his leprosy was cleansed.
Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake.
4 And Jesus saith unto him, See thou tell no man; but go thy way, shew thyself to the priest, and offer the gift that Moses commanded, for a testimony unto them.
Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
5 And when Jesus was entered into Capernaum, there came unto him a centurion, beseeching him,
Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu.
6 And saying, Lord, my servant lieth at home sick of the palsy, grievously tormented.
Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me.”
7 And Jesus saith unto him, I will come and heal him.
Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.”
8 The centurion answered and said, Lord, I am not worthy that thou shouldest come under my roof: but speak the word only, and my servant shall be healed.
Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ.
9 For I am a man under authority, having soldiers under me: and I say to this [man], Go, and he goeth; and to another, Come, and he cometh; and to my servant, Do this, and he doeth [it].
Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.”
10 When Jesus heard [it], he marvelled, and said to them that followed, Verily I say unto you, I have not found so great faith, no, not in Israel.
Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.
11 And I say unto you, That many shall come from the east and west, and shall sit down with Abraham, and Isaac, and Jacob, in the kingdom of heaven.
Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob.
12 But the children of the kingdom shall be cast out into outer darkness: there shall be weeping and gnashing of teeth.
Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra fiaɖuƒe la ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.”
13 And Jesus said unto the centurion, Go thy way; and as thou hast believed, [so] be it done unto thee. And his servant was healed in the selfsame hour.
Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã la ŋu hegblɔ nɛ be, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.
14 And when Jesus was come into Peter’s house, he saw his wife’s mother laid, and sick of a fever.
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒe aƒe me la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le ŋudza lém.
15 And he touched her hand, and the fever left her: and she arose, and ministered unto them.
Yesu ka asi eƒe asi ŋu, eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso, eye wòsubɔe.
16 When the even was come, they brought unto him many that were possessed with devils: and he cast out the spirits with [his] word, and healed all that were sick:
Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔ, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la, gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ.
17 That it might be fulfilled which was spoken by Esaias the prophet, saying, Himself took our infirmities, and bare [our] sicknesses.
Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”
18 Now when Jesus saw great multitudes about him, he gave commandment to depart unto the other side.
Esi Yesu kpɔ be ameha geɖewo nɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.
19 And a certain scribe came, and said unto him, Master, I will follow thee whithersoever thou goest.
Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be, “Nufiala, nye la, makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”
20 And Jesus saith unto him, The foxes have holes, and the birds of the air [have] nests; but the Son of man hath not where to lay [his] head.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”
21 And another of his disciples said unto him, Lord, suffer me first to go and bury my father.
Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”
22 But Jesus said unto him, Follow me; and let the dead bury their dead.
Yesu ɖo eŋu na ame sia hã be, “Dze yonyeme fifia, eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”
23 And when he was entered into a ship, his disciples followed him.
Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi.
24 And, behold, there arose a great tempest in the sea, insomuch that the ship was covered with the waves: but he was asleep.
Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ.
25 And his disciples came to [him], and awoke him, saying, Lord, save us: we perish.
Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!”
26 And he saith unto them, Why are ye fearful, O ye of little faith? Then he arose, and rebuked the winds and the sea; and there was a great calm.
Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.
27 But the men marvelled, saying, What manner of man is this, that even the winds and the sea obey him!
Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?”
28 And when he was come to the other side into the country of the Gergesenes, there met him two possessed with devils, coming out of the tombs, exceeding fierce, so that no man might pass by that way.
Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o.
29 And, behold, they cried out, saying, What have we to do with thee, Jesus, thou Son of God? art thou come hither to torment us before the time?
Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?”
30 And there was a good way off from them an herd of many swine feeding.
Le ɣe ma ɣi me la, aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo.
31 So the devils besought him, saying, If thou cast us out, suffer us to go away into the herd of swine.
Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”
32 And he said unto them, Go. And when they were come out, they went into the herd of swine: and, behold, the whole herd of swine ran violently down a steep place into the sea, and perished in the waters.
Yesu gblɔ na wo be, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!” Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku.
33 And they that kept them fled, and went their ways into the city, and told every thing, and what was befallen to the possessed of the devils.
Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me, eye wogblɔ nu si dzɔ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃ do go le la ƒe nyawo na dua me tɔwo.
34 And, behold, the whole city came out to meet Jesus: and when they saw him, they besought [him] that he would depart out of their coasts.
Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi.

< Matthew 8 >