< Acts 7 >

1 Then said the high priest, Are these things so?
Nunɔlagã la bia Stefano be, “Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme vavãa?”
2 And he said, Men, brethren, and fathers, hearken; The God of glory appeared unto our father Abraham, when he was in Mesopotamia, before he dwelt in Charran,
Stefano ɖo eŋu be, “Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran.
3 And said unto him, Get thee out of thy country, and from thy kindred, and come into the land which I shall shew thee.
Mawu gblɔ nɛ be, ‘Do go le wò dukɔ kple wò ƒometɔwo dome, eye nàyi anyigba bubu aɖe sãa si mafia wò la dzi.’
4 Then came he out of the land of the Chaldæans, and dwelt in Charran: and from thence, when his father was dead, he removed him into this land, wherein ye now dwell.
“Ale Abraham dzo le Kaldeanyigba dzi ɖanɔ Haran va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israelnyigba sia dzi.
5 And he gave him none inheritance in it, no, not [so much as] to set his foot on: yet he promised that he would give it to him for a possession, and to his seed after him, when [as yet] he had no child.
Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã.
6 And God spake on this wise, That his seed should sojourn in a strange land; and that they should bring them into bondage, and entreat [them] evil four hundred years.
Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene.
7 And the nation to whom they shall be in bondage will I judge, said God: and after that shall they come forth, and serve me in this place.
Ke hã la, mahe to na dukɔ si ado kluvi Israelviwo, eye emegbe la, Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔm le afi sia.’
8 And he gave him the covenant of circumcision: and so [Abraham] begat Isaac, and circumcised him the eighth day; and Isaac [begat] Jacob; and Jacob [begat] the twelve patriarchs.
Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.
9 And the patriarchs, moved with envy, sold Joseph into Egypt: but God was with him,
“Yosef si nye Yakob ƒe vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu o, ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii
10 And delivered him out of all his afflictions, and gave him favour and wisdom in the sight of Pharaoh king of Egypt; and he made him governor over Egypt and all his house.
ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me, eye gawu la, Mawu na be Egipte Fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la, Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me, eye wògaɖoe tatɔe le eƒe fiasã blibo la me hã.
11 Now there came a dearth over all the land of Egypt and Chanaan, and great affliction: and our fathers found no sustenance.
“Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ.
12 But when Jacob heard that there was corn in Egypt, he sent out our fathers first.
Yakob se be nuɖuɖu le Egiptenyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ.
13 And at the second [time] Joseph was made known to his brethren; and Joseph’s kindred was made known unto Pharaoh.
Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo, elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma o. Eɖe wo fia Fia Farao hã.
14 Then sent Joseph, and called his father Jacob to [him], and all his kindred, threescore and fifteen souls.
Yosef dɔ nɔviawo be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakob, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte.
15 So Jacob went down into Egypt, and died, he, and our fathers,
Esiae na be Yakob kple viawo katã ʋu va tsi Egipte, afi si wo katã ku ɖo,
16 And were carried over into Sychem, and laid in the sepulchre that Abraham bought for a sum of money of the sons of Emmor [the father] of Sychem.
eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me.
17 But when the time of the promise drew nigh, which God had sworn to Abraham, the people grew and multiplied in Egypt,
“Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la, Israelviwo gadzi ɖe edzi fũu ŋutɔ le Egipte.
18 Till another king arose, which knew not Joseph.
Ke ‘fia bubu va zi dzi le Egipte, ame si menya naneke tso Yosef ŋu o.’
19 The same dealt subtilly with our kindred, and evil entreated our fathers, so that they cast out their young children, to the end they might not live.
Le esia ta la, ewɔ funyafunya mía tɔgbuitɔgbuiwo, eye wòde se be woatsɔ woƒe vidzĩwo aƒu gbe ne woaku.
20 In which time Moses was born, and was exceeding fair, and nourished up in his father’s house three months:
“Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ.
21 And when he was cast out, Pharaoh’s daughter took him up, and nourished him for her own son.
Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu adzrae ɖo o ta la, wokɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao ƒe vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi.
22 And Moses was learned in all the wisdom of the Egyptians, and was mighty in words and in deeds.
Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.
23 And when he was full forty years old, it came into his heart to visit his brethren the children of Israel.
“Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa.
24 And seeing one [of them] suffer wrong, he defended [him], and avenged him that was oppressed, and smote the Egyptian:
Le tsaɖiɖi sia me la, eva ke ɖe Israel ɖekakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpui la ƒom, nɔ funyafunya wɔmii, eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui.
25 For he supposed his brethren would have understood how that God by his hand would deliver them: but they understood not.
Mose bui be wɔna sia ana be eya ŋutɔ nɔviawo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi, gake womexɔe nenema o.
26 And the next day he shewed himself unto them as they strove, and would have set them at one again, saying, Sirs, ye are brethren; why do ye wrong one to another?
Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’
27 But he that did his neighbour wrong thrust him away, saying, Who made thee a ruler and a judge over us?
“Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi?’ Eyi edzi bia Mose be,
28 Wilt thou kill me, as thou diddest the Egyptian yesterday?
‘Alo ɖe nèdi be yeaƒo nye hã awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?’
29 Then fled Moses at this saying, and was a stranger in the land of Madian, where he begat two sons.
Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale wòsi dzo le nuto la me yi ɖanɔ Midianyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le.
30 And when forty years were expired, there appeared to him in the wilderness of mount Sina an angel of the Lord in a flame of fire in a bush.
“Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si nɔ bibim la me.
31 When Moses saw [it], he wondered at the sight: and as he drew near to behold [it], the voice of the Lord came unto him,
Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu du yina la, ese Mawu ƒe gbe be,
32 [Saying], I [am] the God of thy fathers, the God of Abraham, and the God of Isaac, and the God of Jacob. Then Moses trembled, and durst not behold.
‘Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu fɔ ta dzi be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o.
33 Then said the Lord to him, Put off thy shoes from thy feet: for the place where thou standest is holy ground.
“Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘Ɖe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe.
34 I have seen, I have seen the affliction of my people which is in Egypt, and I have heard their groaning, and am come down to deliver them. And now come, I will send thee into Egypt.
Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã, eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam.’
35 This Moses whom they refused, saying, Who made thee a ruler and a judge? the same did God send [to be] a ruler and a deliverer by the hand of the angel which appeared to him in the bush.
“Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le, eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi hã?’ la, eyae Mawu ɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la dzi.
36 He brought them out, after that he had shewed wonders and signs in the land of Egypt, and in the Red sea, and in the wilderness forty years.
Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.
37 This is that Moses, which said unto the children of Israel, A prophet shall the Lord your God raise up unto you of your brethren, like unto me; him shall ye hear.
“Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia nɔviwo dome abe nye ke ene.’
38 This is he, that was in the church in the wilderness with the angel which spake to him in the mount Sina, and [with] our fathers: who received the lively oracles to give unto us:
Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabena esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.
39 To whom our fathers would not obey, but thrust [him] from them, and in their hearts turned back again into Egypt,
“Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ, eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte.
40 Saying unto Aaron, Make us gods to go before us: for [as for] this Moses, which brought us out of the land of Egypt, we wot not what is become of him.
Le nyateƒe me la, woyɔ Aron hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte la na mí, elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egiptenyigba dzi la dzi o.’
41 And they made a calf in those days, and offered sacrifice unto the idol, and rejoiced in the works of their own hands.
Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me, eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ.
42 Then God turned, and gave them up to worship the host of heaven; as it is written in the book of the prophets, O ye house of Israel, have ye offered to me slain beasts and sacrifices [by the space of] forty years in the wilderness?
Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?
43 Yea, ye took up the tabernacle of Moloch, and the star of your god Remphan, figures which ye made to worship them: and I will carry you away beyond Babylon.
Kpao, menye nyee miesa vɔ na o, ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme, siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu. Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me, ayi keke Babilonia godo ke.’
44 Our fathers had the tabernacle of witness in the wilderness, as he had appointed, speaking unto Moses, that he should make it according to the fashion that he had seen.
“Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu.
45 Which also our fathers that came after brought in with Jesus into the possession of the Gentiles, whom God drave out before the face of our fathers, unto the days of David;
Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.
46 Who found favour before God, and desired to find a tabernacle for the God of Jacob.
Mawu yra Fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya Yakob ƒe Mawu la.
47 But Solomon built him an house.
Ke David ƒe vi Solomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la nɛ.
48 Howbeit the most High dwelleth not in temples made with hands; as saith the prophet,
“Ke hã la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,
49 Heaven [is] my throne, and earth [is] my footstool: what house will ye build me? saith the Lord: or what [is] the place of my rest?
“‘Nye fiazikpuie nye dziƒo, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam? Aƒetɔ la gblɔe. Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ?
50 Hath not my hand made all these things?
Alo Menye nye asie wɔ esiawo katã oa?’
51 Ye stiffnecked and uncircumcised in heart and ears, ye do always resist the Holy Ghost: as your fathers [did], so [do] ye.
“Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele.
52 Which of the prophets have not your fathers persecuted? and they have slain them which shewed before of the coming of the Just One; of whom ye have been now the betrayers and murderers:
Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui.
53 Who have received the law by the disposition of angels, and have not kept [it.]
Ɛ̃, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me.”
54 When they heard these things, they were cut to the heart, and they gnashed on him with [their] teeth.
Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me.
55 But he, being full of the Holy Ghost, looked up stedfastly into heaven, and saw the glory of God, and Jesus standing on the right hand of God,
Ke Stefano, ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la, eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.
56 And said, Behold, I see the heavens opened, and the Son of man standing on the right hand of God.
Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.”
57 Then they cried out with a loud voice, and stopped their ears, and ran upon him with one accord,
Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ, ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe to me be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o.
58 And cast [him] out of the city, and stoned [him]: and the witnesses laid down their clothes at a young man’s feet, whose name was Saul.
Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo.
59 And they stoned Stephen, calling upon [God], and saying, Lord Jesus, receive my spirit.
Esi wonɔ kpe fum Stefano la, edo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ.”
60 And he kneeled down, and cried with a loud voice, Lord, lay not this sin to their charge. And when he had said this, he fell asleep.
Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, “Aƒetɔ, mègaɖo nu vɔ̃ sia teƒe na wo o.” Ale wòdze anyi heku.

< Acts 7 >